Tito1ewe_bib
1Nye, Paulo, Mawu ƒe dɔla kple Yesu Kristo ƒe apostolo na Mawu ƒe ame tiatiawo ƒe xɔse kple sidzedze nyateƒe si kplɔa ame yia Mawusosroɖa gbɔe,2xɔse kple sidzedze si ku ɖe mɔkpɔkpɔ na agbe mavɔ la ŋu, nu si ŋugbe Mawu, ame si medaa alakpa o la do, hafi ɣeyiɣi mavɔwo dze egɔme,3eye wòɖe eƒe nya la fia le eya ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi, to nyanyui la gbɔgblɔ si wòtsɔ de asi nam le Mawu, mía Ɖela la ƒe gbeɖeɖe nu.4Mele agbalẽ sia ŋlɔm na Tito, vinye vavãtɔ le xɔse ɖeka si le mía si la nu.
Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu Fofo la kple Kristo Yesu mía Ɖela gbɔ la nanɔ kpli wò.
Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu Fofo la kple Kristo Yesu mía Ɖela gbɔ la nanɔ kpli wò.