Romatɔwo1ewe_bib
1Nye Paulo, Yesu Kristo ƒe dɔla, ame si wotia be wòanye mawunyadɔgbedela, eye wodɔe be wòaɖe gbeƒã Mawu ƒe nyanyui la.2Mawu do Nyanyui sia ŋugbe xoxoxo to eƒe nyagblɔɖilawo dzi le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me,3tso Via, Yesu Kristo, ame si va xexea me abe amegbetɔ ene, eye wodzii abe David ƒe tɔgbuiyɔvi ene la ŋu.4To Via, Yesu Kristo, ƒe tsitretsitsi me la, Mawu fia be eyae nye Mawu ƒe Vi ŋusẽtɔ la, eye Mawu ŋutɔ ƒe nɔnɔme kɔkɔe la le eme.5Azɔ la, to Yesu Kristo me la, wokɔ Mawu ƒe dɔmenyo ɖe mí nu vɔ̃ wɔla madzemadzewo dzi, eye azɔ la, ele mía dɔm ɖe xexea me be míagblɔ nu gã siwo Mawu wɔ na xexea me la na ame siwo menye Yudatɔwo o la katã le afi sia afi, ale be woawo hã naxɔ edzi ase, eye woaɖo toe.6Eye miawo hã miele ame siwo woyɔ be woanye Yesu Kristo tɔwo la dome.7Mi ame siwo katã le Roma, siwo nye Mawu ƒe lɔlɔ̃tɔwo, kple ame kɔkɔe siwo woyɔ la,
Amenuveve kple ŋutifafa tso Mawu, mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ na mi katã.
Amenuveve kple ŋutifafa tso Mawu, mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ na mi katã.