Nyaɖeɖefia1ewe_bib
Ŋgɔdonya kple gbedoname
1Esia nye Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia si Mawu nae be wòaɖe afia eƒe dɔlawo tso nu si ava dzɔ kpuie la ŋuti. Edɔ eƒe mawudɔla ɖa be wòaɖe nu siawo afia Yohanes, ame si nye eƒe dɔla.2Yohanes ɖi ɖase le nu siwo katã wòkpɔ la ŋu, nu siwo nye Mawu ƒe nya kple ɖaseɖiɖi tso Yesu Kristo ŋu la.3Woayra ame si xlẽ nyagblɔɖi sia me nyawo, woayra ame siwo see, eye wotsɔ emenyawo de woƒe dzi me la, elabena ɣeyiɣi la tu aƒe.4Agbalẽ sia tso Yohanes gbɔ na hame adre siwo le Asia nuto me:Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu, ame si nɔ anyi, eye wòli, eye wògale vava ge la gbɔ kple gbɔgbɔ adre siwo le eƒe fiazikpui la ŋgɔ5kple Yesu Kristo, ame si nye ɖaseɖila anukwaretɔ, ame gbãtɔ si fɔ tso ku me, eye wònye anyigbadzifiawo dzi ɖula la gbɔ na mi.
Eya ame si lɔ̃ mí, eye wòɖe mí tso míaƒe nu vɔ̃wo me to eƒe ʋu me,6eya ame si wɔ mí be míanye fiaɖuƒe kple nunɔla siwo asubɔ eƒe Mawu kple Fofoa, eya tɔ nanye ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.7“Kpɔ ɖa, Egbɔna; lilikpowo aƒo xlãe,”eye “ŋku ɖe sia ɖe akpɔe.Ɛ̃, ame siwo tɔ akplɔe gɔ̃ hã akpɔe.”Ne eva do la, dukɔ siwo katã le anyigba dzi la “afa avi kple ɣli le eya amea ta.”Ɛ̃, Amen. Neva eme nenema!8“Nyee nye Alfa kple Omega, gɔmedzedze kple nuwuwu, ame si nɔ anyi, eye wòli, eye wògale vava ge, ame si nye Ŋusẽkatãtɔ.” Aƒetɔ Mawue gblɔe.