Psalmowo87ewe_bib

Korah ƒe viwo ƒe ha.

1Eɖo eƒe agunu anyi ɖe to Kɔkɔe la dzi.2Yehowa lɔ̃ Zion ƒe agbowowu Yakob ƒe nɔƒewo katã.
3O! Mawu ƒe du,wogblɔ nu nyui geɖewo tso ŋuwò. Sela4“Maŋlɔ Rahab kple Babilon ƒe ŋkɔ ɖeame siwo nyam la dome,nenema kee nye Filistia kple Tiro hekpe ɖe Kus ŋuti,magblɔ be, ‘Wodzi esia le Zion.’ ”5Vavã, woagblɔ le Zion ŋu be,“Wodzi esia kple ekemɛ le afi ma,eye Dziƒoʋĩtɔ la ŋutɔ aɖo egɔme anyi.”6Yehowa aŋlɔ ɖe dukɔwo ƒe agbalẽ me be,“Wodzi esia le Zion.” Sela
7Ne wole ha dzim la, woadzi ha be,“Nye agunuwo katã le mewò.”