Psalmowo74ewe_bib

Asaf ƒe nufiameha.

1O! Mawu, nu ka ŋuti nègble mí ɖi ɖikaa?Nu ka ta wò dɔmedzoe bi ɖe wò alẽ siwo le wò lãnyiƒe ŋuti?2Ɖo ŋku ame siwo nèƒle le blema,dukɔ si nye wò domenyinu,ame siwo nèɖe kple Zion, to afi si nènɔ la dzi.3Trɔ ɖe gli siwo gbã ɖikaɖika la ŋu,gbegblẽ siawoe futɔ la he va wò teƒe kɔkɔe lae.
4Wò futɔwo le gbe ɖem le afi si nèdo go mí le;wova tsi woƒe aflaga ɖe teƒe la be wòanye dzesi anɔ afi ma.5Wole nu wɔm abe ŋutsu siwo lé fia ɖe asile ave dodowo me be woalã atiwo ene.6Wotsɔ woƒe fiawo kple yiwo dza aɖaŋusiwo wowɔ ɖe gliawo ŋu.7Wotɔ dzo wò kɔkɔeƒe la wòbi va anyigba,eye wodo gu teƒe si wò Ŋkɔ nɔna.8Wogblɔ le woƒe dzi me be,“Míagbã wo gudugudu!”Wotɔ dzo teƒe sia teƒe si wosubɔa Mawu le,le anyigba dzi.
9Womegawɔa nukunu aɖeke na mí o;womegblẽ nyagblɔɖila aɖeke ɖi oeye mía dometɔ aɖeke menya ɣeyiɣi si nu sia nu ava yi o.10O! Mawu, ɣe ka ɣi futɔ la aɖu fewule ŋuwò ase ɖo?Ɖe ketɔ la ado vlo wò ŋkɔ tegbeea?11Nu ka ta nèhe wò asi, wò nuɖusi ɖe megbe ɖo?Ɖe wò asi doe le wò awu te, eye nàtsrɔ̃ wo!
12Ke wò la, O Mawu, wòe nye fianye tso blema ke;wòe tsɔ ɖeɖe va anyigba la dzi.
13Wòe tsɔ wò ŋusẽ ma atsiaƒu,eye nègbã tɔmelã dziŋɔwo ƒe ta le tsiwo me.14Wòe gbã Leviatan ƒe ta,eye nètsɔe wɔ nuɖuɖui na gbemelãwo.15Wòe ʋu nu le tsitsetsewokple tɔʋuwo nu wosi bababa,eye wòe na tɔ siwo sina ɖaa la mie.16Ŋkeke nye tɔwò, eye zã hã tɔwòe;wòe wɔ ɣe kple ɣleti.17Wòe ɖo liƒo na anyigba,eye wòe wɔ vuvɔŋɔli kple dzomeŋɔli.
18O! Yehowa, ɖo ŋku ale si futɔ la do vlo wòkple ale si bometsilawo ɖe alɔme le wò ŋkɔ ŋuti la dzi.19Mègatsɔ wò akpakpa ƒe agbe de asi na lãwɔadãwo o,eye mègaŋlɔ wò hiãtɔwo ƒe gbe be ɖikaa o.20Tsɔ ɖe le wò nubabla la me,elabena ŋutasesẽ ƒe wɔnawo yɔ anyigba la ƒe ɣaɣlɛƒewo fũu.21Mègana ame siwo wote ɖe anyi lanate gbugbɔɖemegbe kple ŋukpe o;ke boŋ ame dahewo kple hiãtɔwo nekafu wò ŋkɔ.22O! Mawu, tso eye nàʋli wò bubu ta;ɖo ŋku ale si bometsilawo le alɔme ɖemle ŋuwò ŋkeke blibo lae dzi.23Mègado toku wò futɔwo ƒe ʋunyaʋunyawɔwɔ,kple wò ketɔwo ƒe howɔwɔ si le dzi dem ɖaa la o.