Psalmowo49ewe_bib
Korah ƒe viwo ƒe ha na hɛnɔ la.
1Mi anyigbadzitɔwo katã, mise esia;mi xexemetɔwo katã miƒu to anyi,2mi ame dzodzrowo kple amegãwo,ame dahewo kple kesinɔtɔwo siaa.3Nye nu agblɔ nunya ƒe nyawo,eye nya siwo ado tso nye dzi me la ahe gɔmesese vɛ.4Maƒu to anyi ɖe lododo ŋu,eye mato adzo kple nye kasaŋku.5Nu ka ta mavɔ̃ ne ŋkeke vɔ̃wo va,ne ame vɔ̃ɖi, ameblelawo ƒo xlãm,6ame siwo ɖoa dzi ɖe woƒe kesinɔnuwo ŋu,eye wotsɔa woƒe nukpɔkpɔ gbogboawo nɔa adegbe ƒom ɖo?7Ame aɖeke mate ŋu aɖe nɔvia ƒe agbealo atsɔ ga aƒle etae le Mawu gbɔ o.8Agbeƒlega menye ga sue o,eye ga home aɖeke made enu be9amea nanɔ agbe tegbee,eye makpɔ ku o.10Ame sia ame kpɔe be nunyala kuna;bometsilawo kple abunɛtɔwo siaa tsrɔ̃na,eye wogblea woƒe kesinɔnuwo ɖi na ame bubuwo.11Togbɔ be anyigbawo le wosi woŋlɔ woƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi hã la,woƒe yɔdowo anye woƒe aƒe tegbee,eye woanye woƒe nɔƒe tso dzidzime yi dzidzime.12Togbɔ be kesinɔnu geɖewole amegbetɔ si hã la, manɔ agbe tegbee o,ɖeko wòle abe gbemelã siwo tsrɔ̃na ene.13Esia nye nu si dzɔna ɖeame siwo ɖo ŋu ɖe wo ɖokuiwo ŋu la dzi.Aleae wòanɔ na wo yomedzelasiwo dea woƒe nyagbɔgblɔwo dzi. Sela14Woayi tsiẽƒe abe alẽwo ene,eye woanye nuɖuɖu na ku.Ame dzɔdzɔe aɖu wo dzi le ŋdi,woƒe ŋutilãwo aƒaƒã ɖe yɔdo me,eye woate ɖa xaa tso woƒe xɔ gã dranyiwo gbɔ.15Ke Mawu aɖe nye agbe tso ku me,eye wòaxɔm ɖe eɖokui gbɔ. Sela16Ne ame aɖe zu kesinɔtɔ la,megawɔ moya na wò o,ne eƒe aƒe ƒe atsyɔ̃ dzi ɖe edzi la, megawɔ nuku na wò o,17elabena ne eku la, matsɔ naneke ɖe asi o,eƒe atsyɔ̃ gɔ̃ hã mayi yɔ me kplii o.18Togbɔ be ebu eɖokui ame si woyra,eye amewo kafui esi nu le edzi dzem nɛ hã la,19ayi aɖawɔ ɖeka kple fofoa ƒe dzidzimesi magakpɔ agbe ƒe kekeli akpɔ o.20Ame si si kesinɔnuwo le, evɔ gɔmesese mele esi o lale abe gbemelã si tsrɔ̃ la ene.