Psalmowo120ewe_bib

Mɔzɔha.

1Meyɔ Yehowa le nye xaxa me, eye wòtɔ nam.2O! Yehowa, ɖem,tso aʋatsonuyiwo kple alakpaɖewo ƒe asi me.
3O! Alakpaɖe, nu ka wòawɔ na wò,eye nu ka wòatsɔ akpee na wò?4Atsɔ aʋawɔla ƒe aŋutrɔ ɖaɖɛwo ahe to nawòe kpe ɖe yɔkuti ƒe dzoka xɔxɔwo ŋuti.
5Baba nam be mele Mesek,eye mele Kedar ƒe agbadɔwo me!6Menɔ ame siwo lé fu ŋutifafala dome wòdidi fũu akpa.7Ŋutifafamee menye,gake ne meƒo nu la, woawo kpea aʋa.