Hiob7ewe_bib

1“Ɖe menye dɔ sesẽ mee amegbetɔ lele anyigba dzi oa?Ɖe eƒe ŋkekewo meleabe agbatetsɔla tɔ ene oa?2Abe ale si kluvi dina be zã nedo kabaalo agbatetsɔla kpɔa mɔ na eƒe fetu vevie ene la,3nenemae wotsɔ ɣleti siwo me fukpekpe lekple zã siwo me hiãtuame le la nam.4Ne memlɔ anyi la, nye susu gblɔna be,‘Ɣe ka ɣi gɔ̃e mele fɔfɔ ge?’Zã didina eye meƒoa togotogoele aba dzi va se ɖe fɔŋli.5Nye ŋutilã dze abi kple nyẽ helé dzɔbueye nye ŋutigbalẽ wó gblogblogblo hele tsi ƒaƒã tsyɔm.
6“Nye ŋkekewo le du ɖim wu avɔlɔ̃ʋueye wowua enu mɔkpɔkpɔmanɔmee.7O Mawu, ɖo ŋku edzi be,nye agbe la, ƒuƒu ko wònye,nye ŋkuwo magakpɔ dzidzɔŋkekewo akpɔ o.8Ŋku si le kpɔyem fifia la magakpɔm akpɔ o,miadim eye nyemanɔ anyi o.9Abe ale si lilikpo buna eye enu va yinae ene la,nenemae ame si yi tsiẽƒe la megagbɔna o.10Magatrɔ ava eƒe aƒe me akpɔ o,eye eƒe nɔƒe hã magadze sii o.
11“Eya ta nyemazi ɖoɖoe o,maƒo nu tso nye gbɔgbɔ ƒe vevesese me,eye mafa konyi le nye luʋɔ ƒe nuxaxa me.12Nyee nye atsiaƒu alo lã dziŋɔ si le atsiaƒu ƒe gogloƒe be,nèɖe dzɔlawo ɖo ŋunyea?13Ne mebu be nye aba afa akɔ nameye suɖi aɖe nye konyifafa dzi akpɔtɔ la,14ekema ètsɔa drɔ̃ewo doa vɔvɔ̃ nameye nètsɔa ŋutegawo doa ŋɔdzi nam.15Ale be melɔ̃ kudɔƒoƒokple ku wu nye ŋutilã sia.16Menyɔ ŋu nye agbe,nyemanɔ agbe ɖaa o.Ɖe asi le ŋunye,viɖe mele nye ŋkekewo ŋu o.
17“Nu kae nye amegbetɔ be nèdo kɔkɔe alea,be nètsɔ ɖe le eme nɛ nenema gbegbe,18be nèléa ŋku ɖe eŋu ŋdi sia ŋdieye nèdonɛ kpɔ aɖabaƒoƒo ɖe sia ɖe?19Ɖe màgaɖe ŋku ɖa le ŋunyealo ana gbɔdzɔem aɖabaƒoƒo ɖeka hɔ̃ɔ gɔ̃ hã oa?20Ne mewɔ nu vɔ̃ ɖe, O amegbetɔwo ŋu dzɔla,nu ka mehewɔ ɖe ŋutiwò?Nu ka ŋuti nède dzesim heɖe ŋku tɔm ale?Ɖe mezu agba ɖe dziwòa?21Nu ka ta mèɖe ŋku ɖa le nye dzidadawo ŋueye mètsɔ nye nu vɔ̃wo kem o?Elabena esusɔ vie mamlɔ ke me,àdim gake nyemaganɔ anyii o.”