Hiob40ewe_bib

1Yehowa gblɔ na Hiob be,2“Ɖe ame si le nya hem kple Ŋusẽkatãtɔ la aɖɔe ɖoa?Ame si tsɔ nya ɖe Mawu ŋu la neɖo eŋu nɛ!”3Tete Hiob ɖo eŋu na Yehowa be,4“Aleke nye ame si medze ola maɖo nya ŋu na wòe?Metsɔ nye asi ɖo nye nu.5Meƒo nu zi ɖekagake nyemekpɔ ŋuɖoɖo o;meƒo nu zi eveliaeya ta nyemagaƒo nu o.”6Tete Yehowa ƒo nu na Hiob tso ahom me be,7“Bla ali dzi abe ŋutsu ene,mabia nya wò eye nàɖo eŋu nam.
8“Ɖe nàdo vlo nye afiatsotsoa?Ɖe nàbu fɔm, atso na ɖokuiwòa?9Ɖe wò abɔ le abe Mawu tɔ eneeye wò gbe ate ŋu ablu abe etɔ enea?10Ekema tsɔ ŋutikɔkɔe kple atsyɔ̃ ɖɔ na ɖokuiwòeye nàtsɔ bubu kple gãnyenye ado na ɖokuiwò.11Trɔ wò dɔmedzoe ƒe nuwɔwɔ kɔ ɖi bababa,nye kɔ kpɔ dadala ɖe sia ɖe eye nàhee aƒu anyi.12Nye kɔ kpɔ dadala ɖe sia ɖe ne nàbɔbɔe ɖe anyieye nàgbã ame vɔ̃ɖiwo ɖe afi si wole.13Ɖi wo katã ɖe ke meeye nàɣla woƒe mo ɖe yɔdo me.14Ekema nye ŋutɔ maʋu eme na wò be,wò ŋutɔ wò ɖusibɔ axɔ na wò.
15“Kpɔ atiglinyi si mewɔ kpe ɖe ŋutiwò la ɖa,eɖua gbe abe nyi ene.16Eƒe ŋusẽ le alime nɛ eye ŋusẽ kae nya gã si leeƒe ƒodo ƒe lãmekawo me!17Eƒe asike le nyenyem abe sedati ene,eƒe atagbomekawo ge ɖe wo nɔewo me.18Eƒe ƒuwo le abe akɔbliga si me do le la eneeye eƒe afɔtiwo le abe gakpo ene.19Eyae nye gbãtɔ le Mawu ƒe nuwɔwɔwo domegake Ewɔla ate ŋu azɔ ɖe edzi kple yi.20Togbɛwo tsɔa woƒe kutsetsewo vɛ nɛeye gbemelãwo katã fena le egbɔ.21Emlɔa anyi ɖe ati dama teeye wòɣlaa eɖokui ɖe aƒla siwo le sime la me.22Atiawo doa vɔvɔli ɖe edzi heɣlanɛeye keti siwo le tɔʋuwo to la ƒoa xlãe.23Ne tɔwo dze agbo la, dzika metsoa eƒo oeye togbɔ be Yɔdan tɔsisi le ƒoƒom ɖe eƒe nu dzi hã la,eɖea dzi ɖi bɔkɔɔ.24Ɖe ame aɖe ate ŋu aléekple eƒe ŋku alo aɖo mɔ nɛ,ahaŋɔ eƒe ŋɔtia?