Hiob38ewe_bib

Yehowa ƒo nu

1Tete Yehowa ɖo nyawo ŋu na Hiob to ahom me be,2“Ame ka nye esi tsɔ viviti tsyɔ nye aɖaŋudede dzikple nya siwo gɔmesese meli na la o?3Tso nàbla ali dzi abe ŋutsu ene,mabia nya wò, nàɖo eŋu nam.
4“Afi ka nènɔ esi meɖo anyigba ƒe gɔmeɖokpewo anyi?Gblɔe nam, ne èse egɔme.5Ame kae dzidze eƒe kekeme kple didime?Ànyae godoo! Ame kae tsɔ dzidzeka ɖo eŋu?6Nu ka dzi woɖo egɔme anyi ɖo?Alo ame kae ɖo eƒe dzogoedzikpe7esi ŋukeɣletiviwo le ha dzim ɖekaeeye Mawudɔlawo katã do dzidzɔɣli?
8“Ame kae do ʋɔ ɖe atsiaƒu nuesi wòdo go kpoyi tso dadaa ƒe dɔ me9esi metsɔ lilikpo wɔ eƒe awudodoe heblae ɖeviviti tsiɖitsiɖitsiɖi me,10esi meɖo seɖoƒe nɛ,hede ʋɔtru kple gametiwo enu,11esi megblɔ be, ‘Afii ko nàse,mèkpɔ mɔ ato liƒo sia dzi o,afi sia ko wò dada kple ɖokuidodoɖedzi ase?’
12“Èɖe gbe na ŋdi kpɔ tsoesi wò ŋkekewo dze egɔmealo na fɔŋli nya eƒe nɔƒe,13be wòalé anyigba ƒe toga,ahaʋuʋu ame vɔ̃ɖiwo ɖa le edzia?14Anyigba trɔ eƒe nɔnɔme abe anyi le nutrenu te ene,eye eƒe nɔnɔme le abe avɔ tɔ ene.15Woxɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe kekeli le wo sieye woŋe woƒe abɔ si wodo ɖe dzi.
16“Èzɔ mɔ yi ɖe atsiaƒu ƒe vudo mealo zɔ le gogloƒe ƒe nudiƒewo kpɔa?17Wofia ku ƒe agbowo wò kpɔa?Èkpɔ ku ƒe vɔvɔli ƒe agbowo kpɔa?18Èse anyigba ƒe kekeme gɔmea?Gblɔe nam, ne ènya esiawo katã.
19“Afi ka mɔ si yi kekeli ƒe nɔƒe la to?Eye afi kae nye viviti nɔƒe?20Àte ŋu akplɔ wo ayi wo nɔƒewoea?Ènya toƒe si yi ɖe wo nɔƒea?21Meka ɖe edzi be ènyaeelabena wodzi wò ye ma ɣi xoxo!Ƒe geɖewoe nye esia esi nèle agbe!
22“Ège ɖe sno ƒe nudzraɖoƒealo kpɔ kpetsi ƒe nudzraɖoƒe,23esi meɖo ɖi na xaxaɣi,aʋaŋkekewo kple aʋakpegbe la kpɔa?24Afi ka mɔ si wotona yia teƒesi dzikedzo kakana lealo teƒe si wokakaa ɣedzeƒeya le ɖeanyigba blibo la dzi la to?25Ame kae ɖo toƒe na tsi gã siwo dzanakple mɔ na ahom sesẽwo,26be woade tsi anyigba si dzi ame mele okple gbegbe si ame menɔ o,27be wòaɖi kɔ na kuɖiɖinyigba gbɔloeye wòamie gbe fɛ̃wo?28Fofo le tsidzadza sia?Ame kae nye tɔ na ahũdzadza?29Ame ka ƒe dɔ mee tsikpe do tso?Ame kae dzi zãmu si dzana tso dziƒo,30esi tsiwo do kpe abe ahlihã eneeye gogloƒewo tame zu tsikpe?
31“Àte ŋu abla Atifieŋu siwo le keklẽma?Àte ŋu atu Avutɔ ƒe kawoa?32Àte ŋu akplɔ ŋukeɣletiviwo ado goe ne woƒe dodoɣi ɖoalo akplɔ koklonɔ kple viawoa?33Ènya dziƒo ƒe sewoa?Àte ŋu aɖo Mawu ƒe fiaɖuɖu anyi ɖe anyigba dzia?
34“Àte ŋu akɔ gbe dzi ado ɣli na lilikpowo,eye nàtsɔ tsiɖɔɖɔ atsyɔ ɖokuiwò dzia?35Wòe ɖo dzikedzo ɖe eƒe mɔ dzia?Ɖe wova gblɔna na wò be,‘Míawoe nye esi’ mahã?36Ame kae tsɔ nunya na dzialo gɔmesese na susu?37Ame ka sie nunya le be wòaxlẽ lilikpowo?Ame kae ate ŋu aviã tsizɔ siwo le dziƒo,38ne anyigba do kpe eye anyikɔsiwo le anyigba la lé ɖe wo nɔewo ŋu?
39“Wòe daa ade na dzatanɔeye nèdia nuɖuɖu na dzatawo, ne dɔ le wo wum40eye womlɔ woƒe dowo mealo le adeklo dzi le ave mea?41Ame kae dia nuɖuɖu na akpaviãwo,ne viawo le xɔxlɔ̃m na Mawueye wole tsatsam le nuɖuɖu makpɔmakpɔ ta?