Hiob31ewe_bib

1“Mebla nu kple nye ŋku bemegakpɔ ɖetugbi aɖeke ahiãdzetɔe o.2Elabena nu kae nye amegbetɔ tɔ gome tsoMawu si le dziƒo la gbɔkple eƒe domenyinu tsoŊusẽkatãtɔ si le dziƒo ʋĩi la gbɔ?3Ɖe menye gbegblẽ wònye na ame vɔ̃ɖiwokple dzɔgbevɔ̃e na nu tovo wɔlawo oa?4Ɖe mekpɔ nye mɔwoeye wòxlẽ nye afɔɖeɖe ɖe sia ɖe oa?
5“Nenye be mezɔ le aʋatsokaka mealo nye afɔ ɖe abla ɖe amebeble ŋuti la,6ekema Mawu nedam le nudanu nyuitɔ dzieye wòanya be nyemeɖi fɔ o.7Nenye be nye afɔ tra le mɔ la dzi,nenye be nye dzi kplɔ nu si nye ŋkuwo kpɔ la ɖoalo nye asiwo ƒo ɖi la,8ekema ame bubuwo neɖu nu siwo meƒãeye woneho nye nukuwo le bo dzi.
9“Ne nyɔnu aɖe flu nye dzialo mede xa ɖe nye aƒelika ƒe ʋɔtru nu la,10ekema srɔ̃nye netu bli na ŋutsu bubueye ŋutsu bubuwo nedɔ kplii.11Elabena esia anye ŋukpenanukple nu vɔ̃ si dze na ʋɔnudɔdrɔ̃.12Enye dzo si bina hena gbegblẽ,eye wòaho nye nukuwo akɔ ɖi.
13“Ne nyemetso afia nyui na nye dɔlaŋutsuwokple dɔlanyɔnuwo ne wotsɔ nya ɖe ŋunye o la,14nu ka mawɔ ne Mawu bia gbem?Ŋuɖoɖo ka mana ne eyɔm be mana akɔnta?15Ɖe menye ame si wɔm ɖe vidzidɔ me lae wɔ woawo hã oa?Ɖe menye eya koe wɔ mí ame evea katãɖe mía dadawo ƒe dɔ me oa?
16“Nenye be mete hiãtɔwo woƒe didiwoalo mena nu te ahosiwo ƒe ŋkuwo ŋu,17nenye be nye ɖeɖe meɖu nye abolo heku ŋɔ tsyɔ̃evi la,eya ko woagblɔ nya aɖe,18evɔ la tso nye ɖekakpuime ke,menyi tyɔẽviwo abe fofo eneeye tso nye ɖevime ke,mefia mɔ ahosiwo.19Ne mekpɔ ame aɖe wòle tsɔtsrɔ̃m le avɔmanɔamesi taalo hiãtɔ si mekpɔ awu ne wòado o20eye eƒe dzi meyram be metsɔ avɔ si wowɔkple nye alẽwo ƒe fu nɛ be wòade dzo lãme nɛ o,21ne mekɔ nye asi dzi ɖe tsyɔ̃evi ŋu, evɔa menya bewoxɔa nye nya le ʋɔnu la,22ekema na be nye abɔ nage le abɔgba ŋueye wòaŋe le ekpeƒe.23Elabena gbegblẽ si tso Mawu gbɔ la le ŋɔ dzim nam,eye vɔvɔ̃ na eƒe atsyɔ̃ mana mawɔ nu mawo o.
24“Nenye ɖe meɖo dzi ɖe sika ŋualo megblɔ na sika nyuitɔ be,‘Wòe nye nye sitsoƒe,’25nenye ɖe mekpɔ dzidzɔ le nye kesinɔnu gbogboawo ta,nu siwo nye alɔ wɔ dɔ kpɔ,26nenye ɖe mede bubu ɣe ŋuti le ale si wòle keklẽmalo ɣleti le ale si wòle yiyim kple atsyɔ̃,27ale be woflu nye dzi le adzameeye metsɔ nye asi wɔ dzesi na wo be melɔ̃ wo,de bubu wo ŋu la,28ekema esiawo hã anye nu vɔ̃siwo wòle be woahe ayi ʋɔnu,elabena adze ƒãa benyemeto nyateƒe na Mawu le dziƒo o.
29“Nenye ɖe mekpɔ dzidzɔ lenye futɔ ƒe dzɔgbevɔ̃e me dzedze ŋualo dzɔ dzi le hiã siwo tui ta la,eya ko magblɔ nya aɖe.30Gake nyemeɖe mɔ na nye nu bewòawɔ nu vɔ̃ to ɖiŋudodo na eƒe agbe me o.31Nenye ɖe ame siwo le aƒenye me la se megblɔ kpɔ be,‘Ame kae meɖu Hiob ƒe abolo ɖi ƒo kpɔ o?’ la,anye ne enye nya bubu32elabena mele na amedzro aɖeke bewòatsi mɔto adɔ oelabena nye ʋɔtru le ʋuʋu ɖiɣe sia ɣi na mɔzɔlawo.33Nenye ɖe meɣla nye nu vɔ̃abe ale si amewo wɔna ene,be meɣla nye dzidada ɖe nye dzi me,34elabena mevɔ̃ na ameha la ŋutɔeye mevɔ̃ na dukɔ la ƒe vlododo ale gbegbe be,mezi ɖoɖoe hegbe gododo ɖe gota la,anye ne enye nya bubu kura.
35“O, ɖe ame aɖe le asinye aɖo tom ɖe!Kpɔ ɖa mede asi ɖokuinyetaʋlinyawo te,azɔ la, Ŋusẽkatãtɔ la neɖo eŋu nam,ame si le nunye tsom la hã neŋlɔnunyetsonyawo ɖe agbalẽ dzi.36Vavã malée ɖe nye abɔtaeye maɖɔe ɖe ta abe fiakuku ene.37Mana nutsotsoe tso nye afɔɖeɖe ɖe sia ɖe ŋutieye mate ɖe eŋu abe fiavi ene.
38“Nenye ɖe nye anyigba fa avi ɖe ŋutinyeeye eƒe boliƒowo yɔ kple aɖatsi,39nenye be meɖu eƒe kutsetsewo femaxeealo mena dɔwɔla siwo le agblea dzi laƒe gbɔgbɔ gbã gudugudugudu la,40ekema aŋɔkawo nemie nam ɖe lu teƒeeye gbe wuwluiwo nemie ɖe ƒo teƒe.”Esiae nye Hiob ƒe nyawo ƒe nuwuwu.

No translations available.