Hiob24ewe_bib

1“Nu ka ŋuti Ŋusẽkatãtɔ lameɖo ɣeyiɣiwo ɖi hena ʋɔnudɔdrɔ̃ o?Nu ka ta ame siwo nyae la nanɔ mɔ kpɔmna ŋkeke siawo dzodzro?2Amewo ɖea liƒokpewo ɖa,wokplɔa lãha siwo wofi la yia gbeɖuƒee.3Wokplɔa tsyɔ̃eviwo ƒe tedziwo dzonaeeye woxɔa ahosi ƒe nyi abe awɔbanu ene.4Wotutua asi hiãtɔwo ɖa le mɔƒomeeye wozia ame dahe siwo katãle anyigba dzi la dzi be woasi abe.5Ame dahewo ɖoa gbe nɔa nuɖuɖu dimabe gbetedziwo le gbegbe eneeye kuɖiɖinyigbawo dia nuɖuɖu na wo viwo.6Woŋe gbe le agblewo dzi na lãwoeye wofɔa nuku siwo ge la leame vɔ̃ɖiwo ƒe waingblewo me.7Esi avɔ mele wo si o ta la womlɔ anyi ƒuƒlu le zã meeye naneke meli woatsyɔ le vuvɔ me o.8Tsi ƒoa wo tea wo ŋu nyuie le towo dzi,wokuna ɖe agakpewo ŋu elabena bebeƒe meli o.9Woɖea tsyɔ̃evi le no nueye woxɔa ame dahe ƒe vi ɖe fe si wònyi la nu.10Esi wònye avɔ mele wo si o ta la,wole yiyim amama,wolé lu bablawo ɖe ta,evɔ dɔ le wo wum.11Wole amiti ƒe ku tum le te dzi,wofiaa wain le wainfiaƒewo gake tsikɔ le wo wum.12Ame siwo le kudɔ ƒom ƒe ŋeŋe de dzi le dua me kɔtɔɔeye ame siwo xɔ abi la ƒe luʋɔwo le ɣlidom be woaxɔ na yewo,gake Mawu mebu fɔ ame aɖeke be edze agɔ o.
13“Ame aɖewo li siwo tsi tsitre ɖe kekeli la ŋu,ame siwo menya eƒe mɔwo alo zɔ eƒe toƒewo o.14Ne viviti do la, hlɔ̃dola la tsona hewua ame dahewo kple hiãtɔwo,le zã me la, enɔa zɔzɔm abe fiafitɔ ene15Ahasitɔ ƒe ŋku nɔa viviti lalam,egblɔna le eƒe susu me be, ‘Ŋku aɖeke makpɔm o,’eye wòɣlaa eƒe mo.16Le viviti me la, amewo gbãa ʋɔ,gena ɖe aƒewo megake ne ŋu ke la, wonɔa xɔ me tua ʋɔ ɖe wo ɖokuiwo nuelabena womedi kekeli ƒe nya aɖeke o.17Ke wo katã la, viviti tsiɖitsiɖie le na wo abe ŋdikekeli eneeye wodzea xɔ̃ viviti ƒe ŋɔdzinuwo.
18“Evɔ la, futukpɔ ko wonye le tsi ŋgɔ,woƒoa fi dea anyigba ƒe akpa si nye woƒe gomeale be ame aɖeke mayi ɖe waingblewo me le afi ma o.19Abe ale si dzoxɔxɔ kple kuɖiɖi kplɔa tsikpesi lolõ la dzonae ene la,nenemae yɔdo kplɔa ame siwo wɔanu vɔ̃ la hã dzonae.20Vidzidɔ ŋlɔa wo be, wozua nuɖuɖu na ŋɔviwo,womegaɖoa ŋku ame vɔ̃ɖiwo dzi o,ke boŋ woŋena abe atilɔ ene.21Wohaa konɔwo kple vimanɔsitɔwoeye womekpɔa nublanui na ahosiwo o.22Gake Mawu kplɔa kalẽtɔwo dzonae kple eƒe ŋusẽ.Togbɔ be woli ke hã la,kakaɖedzi mele wo si be woanɔ agbe o.23Ɖewohĩ ana woaɖe dzi ɖi abu be yewole dediegake eƒe ŋkuwo le woƒe mɔwo ŋu.24Wodoa wo ɖe dzi ɣeyiɣi kpui aɖe,tete wo nu va yina,woɖiɖia wo ɖe anyi eye wokunaabe bubuawo katã ko ene ale woŋea woabe ale si woŋea bli le bliti ŋu ene.
25“Ne mele alea o la,ame kae aɖe aʋatso nameye wòana nye nyawo nazu tofloko?”