Hiob22ewe_bib

Elifaz ƒe nuƒo

1Temanitɔ, Elifaz ɖo eŋu be,2“Ɖe ame anye viɖenu na Mawua?Ɖe nunyala gɔ̃ hã anye viɖenu nɛa?3Dzidzɔ ka wòanye na Ŋusẽkatãtɔ la ne ènye ame dzɔdzɔe?Eye viɖe ka wòakpɔ ne fɔɖiɖi mele wò mɔwo ŋu o?
4“Wò Mawuvɔvɔ̃ tae wòka mo na wòhetsɔ nya ɖe ŋuwòa?5Ɖe wò nu vɔ̃ɖi wɔwɔ mekpe ŋutɔ oa?Ɖe nuwuwu li na wò nu vɔ̃woa?6Èbia megbedanu tso nɔviwò ŋutsuwo si susumanɔmetɔeeye nèɖe avɔ le amewo ŋu wotsi amama.7Mèna tsi ame siwo nu ti kɔ na la wono oeye nète nuɖuɖu dɔwuitɔwo,8evɔ nèhenye ŋusẽtɔ,anyigba le asiwò eye nèle anyigba dzi,bubu le ŋuwò.9Èɖo ahosiwo ɖa asi ƒuƒlueye nèɖe tsyɔ̃eviwo ƒe ŋusẽ ɖa.10Eya ta mɔkawo ɖe to ɖe wò ɖoeya ta dzɔgbevɔ̃e ƒo ɖe dziwò kpoyi hedo ŋɔdzi na wò11eya ta viviti do ale gbegbe be màgate ŋu akpɔ nu oeye eya tae tɔɖɔɖɔ va tsyɔ dziwò ɖo.
12“Ɖe Mawu mele dziƒo kɔkɔtɔ oa? Ɖe mekpɔ ale si ɣletivi kɔkɔtɔwo kɔkɔe oa?13Gake ègblɔ be, ‘Nu ka Mawu nya?Ɖe wòdrɔ̃a ʋɔnu to viviti ma tɔgbi mea?14Lilikpo dodowo xe eŋkumeeya ta mekpɔa mí ne ele tsatsamle dziƒo ƒe agbo sesẽwo me o.’15Ɖe nàgalé mɔ xoxo si dziame vɔ̃ɖiwo zɔ va yi la me ɖe asia?16Wokplɔ wo dzoe hafi woƒe ɣeyiɣi deeye tsiɖɔɖɔ kplɔ woƒe gɔmeɖokpewo dzoe.17Wogblɔ na Mawu be, ‘Ɖe asi le mía ŋu!Nu kae Ŋusẽkatãtɔ la awɔ mí?’18Evɔ wònye eyae tsɔ nu nyuiwo yɔ xɔ na wo fũu,eya ta menɔ adzɔge na ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋudede.19Ame dzɔdzɔewo kpɔ woƒe gbegblẽ eye dzi dzɔ wo,ame maɖifɔwo gblɔ ɖe wo ŋu fewuɖutɔe be,20‘Wotsrɔ̃ míaƒe futɔwo vavãeye dzo va fia woƒe kesinɔnuwo.’
21“Tsɔ ɖokuiwò na Mawueye nànɔ ŋutifafa me kplii,to esia me la, dzɔgbenyui ava wò mɔ dzi.22Xɔ nufiame tso eƒe nu me, eye nàtsɔeƒe nyawo adzra ɖo ɖe wò dzi me23Ne ètrɔ va Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ la, agaɖo wò te.Ne èɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ɖa xaa tso wò agbadɔ gbɔ,24eye nètsɔ wò dzonu veviwo kɔ ɖe ke me,tsɔ wò sika adodoe si tso Ofir ƒu gbe ɖe agakpewo tome la,25ekema Ŋusẽkatãtɔ la anye wò sikakple klosalo nyuitɔ.26Ekema le nyateƒe me la,Ŋusẽkatãtɔ ƒe nu ado dzidzɔ na wòeye àwu wò mo dzi ɖe Mawu ŋu.27Àdo gbe ɖa nɛ, wòaɖo to wòeye àxe wò adzɔgbeɖefewo nɛ.28Nu si nèɖo la, ava eme na wòeye kekeli aklẽ ɖe wò mɔwo dzi.29Ne woɖiɖi amewo ɖe anyi,eye nègblɔ be, ‘Fɔ wo ɖe dzi!’la, ekema woafɔ ame siwo woteɖe anyi la ɖe dzi.30Aɖe ame si ŋu fɔɖiɖi le gɔ̃ hã,ame si woaɖe to wò asi ƒe kɔkɔenɔnɔ me.”