JOB19ewe_bib

Hiob ƒe nuƒo

1Hiob ɖo eŋu be,2“Va se ɖe ɣe ka ɣie miawɔ funyafunyameye miatsɔ miaƒe nyawo agbãm?3Zi ewo sɔŋue nye esi miedo vlomeye mieti kpo dze dzinye ŋumakpemakpetɔe.4Nenye nyateƒee be metra mɔ la,vodada sia nye nye ɖeka ko ƒe nya.5Nenye vavãe miebe yewoakɔ mia ɖokuiwo ɖe dzi agbɔ tanye,ahazã vlo si wodom la aɖia nunyee la,6ekema minyae be Mawu dze agɔ le dzinyeeye wòtsɔ eƒe ɖɔ ƒo xlãm.
7“Togbɔ be mefa avi sesĩe be,‘Wodze agɔ le dzinye!’ hã la,ame aɖeke metɔ nam oeye togbɔ be medo ɣli be woaxɔ nam hã la,wometso nam o.8Exe nye mɔ be nyemate ŋu ato edzi ayi o,etsɔ viviti tsyɔ nye toƒewo.9Eklo bubu le ŋunyeeye wòɖe fiakuku le tanye.10Evuvum kɔ ɖi le akpa sia akpa va se ɖe esime medzo,ale wòho nye mɔkpɔkpɔ abe ati ene.11Eƒe dziku bi ɖe ŋunyeeye wòbum ɖe eƒe ketɔwo dome.12Eƒe aʋakɔwo lũ ɖe eme kple ŋusẽ,woƒu kpo ɖe ŋunye eye woƒu asaɖa anyi ɖenye agbadɔ ŋu godoo va kpe.
13“Eɖe nɔvinye ŋutsuwo ɖa le ŋunyeeye wòklã nye kple xɔ̃nyewo dome keŋkeŋkeŋ.14Nye ƒometɔwo dzo le gbɔnyeeye nye ame nyanyɛwo ŋlɔm be.15Ame siwo va dze gbɔnyekple nye nyɔnudɔlawo bum amedzroeeye mezu du bubu me tɔ le wo ŋkume.16Meyɔ nye dɔla gake metɔ otogbɔ be metsɔ nye nu ɖe kuku nɛ hafi.17Nye nu me le ʋeʋẽm ɖe nye ŋutɔ srɔ̃nyeeye mele ŋu nyɔm na nye ŋutɔ nɔvinye ŋutsuwo.18Ŋutsuvi suewo gɔ̃ hã koam eye ne meva do la,woɖua fewu le ŋunye.19Mele ŋu nyɔm na xɔ̃nye veviwo katã eye ame siwo melɔ̃ la,tso ɖe ŋutinye.20Mezu ŋutilã kple ƒu ɖeɖe,eye meɖo kudo nu.
21“Mikpɔ nye nublanui, xɔ̃nyewo,mikpɔ nublanui nam elabena Mawu ƒe asi ƒom.22Nu ka ta mieti yonyemeabe ale si Mawu ti yonyemee ene?Nye ŋutilã si mieɖu la mesɔ gbɔ na mi oa?
23“O nenye ɖe woaŋlɔ nye nyawo ɖi,nenye ɖe woaŋlɔe ɖe agbalẽ me eye24nenye ɖe woatsɔ gayibɔnuŋlɔnu aɖee ɖe akɔblikpe dzialo woaɖee ɖe agakpe dzi tegbee hã la, anyo ŋutɔ.25Menya be nye Xɔnametɔ le agbe,eye mlɔeba la, atsi tsitre ɖe anyigba dzi.26Eye ne nye ŋutigbalẽ vuvu keŋkeŋkeŋ hã la,makpɔ Mawu le nye ŋutilã me,27Nye ŋutɔ makpɔe, makpɔe kple nye ŋkuwo,menye ame bubu aɖeke tɔ o.Aleke nye dzi mehetsi dzi ɖe eŋui o!
28“Ne miegblɔ be,‘Aleke míadi vɔ̃ nɛ?Eya ŋutɔ gbɔ kuxiawo tso’ la,29ekema yi nedo vɔvɔ̃ na miawo ŋutɔelabena dziku atsɔ yi ahe toeeye mianya be ʋɔnudɔdrɔ̃ li.”