1Tete Hiob ɖo eŋu nɛ be,2“Mewɔ nuku be miawo koe nye amewoeye ne mieku la nunya aku kpli mi o!3Gake susu le asinye abe miawo ke ene.Mienyo wum o.Ame ka menya nu siawo katã o?4“Togbɔ be meyɔ Mawu eye wòtɔ nam hã la,mezu nu ɖikokoe na xɔ̃nyewo.Togbɔ be mele dzɔdzɔe eye fɔɖiɖi mele ŋunye o hã la,mezu alɔmeɖenu na wo!5Ŋutsu siwo li le dziɖeɖi me la do vlo dzɔgbevɔ̃etɔeye nenema ke woawɔ na ame siwo ƒe afɔ ɖiɖi.6Adzohawo ƒe agbadɔwo li le ŋutifafa meeye ame siwo do dziku na Mawu la li le dedinɔnɔ me.Nenema kee nye ame siwo tsɔa woƒe mawuɖe woƒe asi me.7“Ke bia gbemelãwo, ne woafia nu wò alo dziƒoxeviwo,ne woagblɔe na wò.8Alo ƒo nu na anyigba,ne wòafia nu wò alo na atsiaƒumelã ne wòaka eta na wò.9Nu siawo katã dometɔ kae menyae be,Yehowa ƒe asie wɔ esiawo katã o?10Nuwɔwɔ ɖe sia ɖe ƒe agbe le eƒe asi meeye amegbetɔwo katã ƒe gbɔgbɔ hã le eƒe asi me.11Ɖe to medoa nyawo kpɔabe ale si aɖe ɖɔa nuɖuɖu kpɔe ene oa?12Ɖe menye amegãɖeɖiwo gbɔe nunya tso aƒe ɖo oa?Ɖe agbe didi mehea gɔmesese vɛ oa?13“Mawu tɔe nye nunya kple ŋusẽ;aɖaŋudede kple gɔmesese hã nye etɔ.14Nu si wògbã kɔ ɖi la,womagate ŋu agbugbɔ atui o.Ame si wòde gaxɔ me la,womate ŋu aɖe asi le eŋu o.15Ne eɖo asi tsidzadza dzi la, ku ɖina,ne egaɖe asi le eŋu fũu hã la, eɖea anyigba16Etɔe nye ŋusẽ kple dziɖuɖu,ame si woble kple ameblela katã wonye etɔ.17Ekplɔa dumegãwo dzonae amamaeye wònana Ʋɔnudrɔ̃lawo zua bometsilawo.18Eɖea atsyɔ̃ɖonu siwo fiawo dona la ɖaeye wòtsɔa avɔ kakɛ sana ɖe ali na wo.19Ekplɔa nunɔlawo dzonae amamaeye ame siwo li ke tso gbe aɖe gbeke la emua wo ƒua anyi.20Edea ga nu na aɖaŋuɖola siwo ŋu woɖoa dzi ɖoeye wòɖea dumegãwo ƒe sidzedze ɖa.21Edoa ŋunyɔ bubumewoeye wòxɔa lãnu le kalẽtɔwo si.22Eɖea nu goglo siwo le viviti me la ɖe goeye wòhea blukɔ tsiɖitsiɖi vaa kekeli me.23Eyae naa dukɔwo xɔa ŋkɔeye eya kee tsrɔ̃a wo.Eyae dzia dukɔwo ɖe edzieye eya kee kakaa wo.24Exɔa susu le anyigbadzifiawo sieye wònana wonɔa tsaglalã tsam le gbegbe.25Wotsaa asi blukɔ me afi si akaɖi mele oeye wònana wonɔa ya mum abe ame siwo mu aha ene.”