Yeremia3ewe_bib
1“Ne ŋutsu aɖe gbe srɔ̃a,eye nyɔnu la dzo ɖaɖe ŋutsu bubu ɖe,ɖe wòle be ŋutsu gbãtɔ nagatrɔ ayi ɖe nyɔnu la gbɔa?Ɖe womagblẽ kɔ ɖo na anyigba la keŋkeŋ oa?Ke wò la, ènɔ agbe abe gbolo ene kple lɔlɔ̃tɔ geɖewo.Ɖe nàtrɔ ava gbɔnye azɔa?”Yehowae gblɔe.2“Wu mo dzi ɖe to ƒuƒluwo ŋu eye nàkpɔ ɖa.Teƒe aɖe li si womedɔ kpli wò le oa?Ènɔ anyi ɖe mɔto henɔ ŋutsuwo lalam.Ènɔ anyi abe Arabiatɔwoe nɔ anyi ɖe gbegbe ene.Ètsɔ wò gbolowɔwɔ kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖi do gu anyigba la.3Eya ta woɖo asi tsidzadza dzieye kelemetsi gɔ̃ hã medza o.Ke wò la, gbolo ƒe mo ŋanɛ li na wòeye ŋu gbe wò kpekpe.4Menye fifi laa koe nèyɔm be,‘Fofonye kple xɔ̃nye, tso nye ɖekakpuime ke’ oa?5‘Ɖe nàkpɔ dziku ɖaa?Ɖe wò dɔmedzoe helĩhelĩ anɔ anyi tegbea?’Aleae nèƒoa nu gake hewɔa nu tovosiwo katã nàte ŋui.”