1Oo, Yehowa, ne metsɔ nya ɖe ŋutiwò la,wò nya dzɔna ɣe sia ɣi.Gake mahe nya kpli wò tso wò ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti.Nu ka ta ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ dzea edzi na wo ɖo?Nu ka ta dzimaxɔsetɔwo nɔa agbe le dziɖeɖi me?2Èdo wo, woto ke eye wotsi hetse ku.Wò ŋkɔ le nu na wogake woƒe dziwo le adzɔge tso gbɔwò.3Oo, Yehowa, ke wò la ènyam,èkpɔm eye nèdo nye susuwo kpɔ tso ŋutiwò.Eya ta he wo abe alẽwo ene nàkplɔ yi wuwuƒee!Ɖe wo ɖe aga hena wuwuŋkeke la!4Va se ɖe ɣe ka ɣie ku naɖi le anyigba dzieye gbewo naƒu ase ɖo?Esi edzinɔlawo nye ame vɔ̃ɖiwo ta la,xewo kple lãwo siaa tsrɔ̃.Gawu la, amewo le gbɔgblɔm be,“Makpɔ nu si dzɔ ɖe mía dzi o.”
Mawu ƒe nyaŋuɖoɖo
5“Ne èke duɖime kple amegbetɔwokple afɔ eye nu te ŋuwò la,aleke nàte ŋu ake duɖime kple sɔwo?Ne èle nu klim le anyigba si dzi kɔ nyuie dzi la,aleke nàhawɔ le Yɔdan ƒe avekawo me?6Nɔviwò kple wò ŋutɔwò ƒometɔwo gɔ̃ hã de wò asieye wodo ɣli sesĩe ɖe tawò.Togbɔ be woƒo nu nyuie le ŋutiwò hã la,mègaɖo dzi ɖe wo ŋu o.7“Magbe nu le nye aƒe gbɔeye magble nye domenyinu ɖi.Matsɔ ame si melɔ̃ la ade asi na eƒe futɔwo.8Nye domenyinu va le nam abe dzata si le ave me ene.Ele gbe tem ɖe ŋutinye, eya ta melé fui ɖo.9Ɖe nye domenyinu mezu xeƒonu ŋɔŋɔesi xeƒonu bubuwo ƒo xlãe eye wodze edzi oa?Yi nàƒo lã wɔadãwo katã nu ƒu vɛne woava vuvu nu.10Alẽkplɔla geɖewo agblẽ nye waingbleeye woanye avuzi le nye agble dzi.Wole nye agble veviwo wɔ gewoazu gbegbe ɖeɖe sɔŋ.11Wole ewɔ ge wòazu gbegbekple kuɖiɖinyigba si manyo nananeke le ŋkunye me o.Anyigba la katã azu aƒedoelabena ame aɖeke manɔ anyisi atsɔ ɖe le eme o.12Nugblẽlawo ava ƒo ɖe to ƒuƒluwo dzi le gbedzielabena Yehowa ƒe yi agblẽ nu tso anyigbaƒe go sia dzi ayi ekemɛ dzieye ame aɖeke mato le eme o.13Woaƒã ƒo gake woaxa ŋu,woaku kutri gake womakpɔ naneke tso eme o.Eya ta, nuku siwo miexa la nakpe ŋu na mile Yehowa ƒe dziku helĩhelĩ la ta.”14Ale Yehowa gblɔe nye si, “Ke hena nye aƒelika vɔ̃ɖi siwo xɔ domenyinu si metsɔ na nye dukɔ Israel sesẽtɔe la, maho wo le woƒe anyigbawo dzi eye maho Yuda ƒe aƒe la le wo dome.15Ne meho wo vɔ la, magakpɔ nublanui na wo, eye makplɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe va eƒe domenyinu gbɔ kple eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi.16Ne wosrɔ̃ nye dukɔ ƒe mɔwo nyuie abe ale si woawo hã fia nye dukɔe be woayɔ Baal ata nui, eye wota nye ŋkɔ hegblɔ be, ‘Zi ale si Yehowa le agbe’ ene la, ekema maɖo wo te le nye dukɔ la dome.17Ke ne dukɔ aɖe meɖo to o la, mahoe keŋkeŋ, eye matsrɔ̃e gbidii.” Yehowae gblɔe.