Mose 231ewe_bib
Bezalel kple Oholiab tiatia
1Yehowa gblɔ na Mose be,2“Kpɔ ɖa, metia Bezalel, Uri ƒe viŋutsu kple Hur ƒe tɔgbuiyɔvi tso Yuda ƒe to la me.3Mena Mawu ƒe Gbɔgbɔ yɔ eme, eye wòna nunya deto kple ŋutete kple aɖaŋu tɔxɛe hena agbadɔ la tutu kple nu sia nu si le eme la wɔwɔ.4Ŋutete blibo le eŋu hena nuwo wɔwɔ kple sika, klosalo kple akɔbli.5Enya ale si woatsɔ kpe xɔasiwo awɔ nuwo, eye woatsɔ atiwo akpa nuwoe.6Metia Oholiab, Ahisamak ƒe vi tso Dan ƒe to la me be wòanye eƒe kpeɖeŋutɔ.“Gawu la, megatsɔ aɖaŋu tɔxɛwo na ame siwo katã mienya be wonye aɖaŋutɔwo ale be woate ŋu awɔ nu siwo mebe nàwɔ la katã:7“agbadɔ la, Nubablaɖaka la kple eƒe nutuvi, kple nu siwo katã le agbadɔ la me,8vɔsamlekpui la kple eŋunuwo, sikakaɖiti la kple eŋunuwo, dzudzɔdovɔsamlekpui la,9numevɔsamlekpui la kple eŋunuwo, tsileganu la kple eƒe zɔ,10Nunɔla Aron ƒe awu nyui kɔkɔewo kple Aron ƒe viŋutsuwo ƒe awuwo, ale be woate ŋu awɔ dɔ nam abe nunɔlawo ene,11Teƒe Kɔkɔe la ƒe amisisi la kple dzudzɔdonu ʋeʋĩwo.
“Ele be woawɔ nu siawo katã ɖe ale si meɖo na wò la nu.”