Mose 533ewe_bib

Mose yra Israel ƒe toawo

1Esiawoe nye nya siwo Mose, Mawu ƒe ame la tsɔ yra Israelviwo hafi ku:2“Yehowa va mía gbɔle Sinai to la gbɔ;eɖiɖi ɖe mía dzitso Seir to la dzi.Eklẽ tso Paran to la dziame kɔkɔe akpe nanewo ƒo xlãe,dzo bibi nɔ eƒe nuɖusime.3Elɔ̃ eƒe amewo ŋutɔeƒe ame kɔkɔewo le eƒe asi mewole wò afɔtoƒe tomwoxɔ woƒe ɖoɖowo tso gbɔwò.4Wò se siwo mede na wo la,esiwo nye Yakob ha la ƒe domenyinu.5Yehowa zu fia le Yesurunesime Israel ƒe towo kpe ta.
6“Ruben anɔ agbe tegbeeeƒe dzidzimeviwo asɔ gbɔ!”7Eye Mose gblɔ tso Yuda ŋu be:“O! Yehowa, se Yuda ƒe kokoƒoƒo,na wòawɔ ɖeka kple Israelwɔ aʋa kple eƒe futɔwo nɛ.”8Mose gblɔ tso Levi ƒe viwo ŋu be:“Tsɔ wò Urim kple Tumimna wò ame kɔkɔe Levi.Èdo Levi kpɔ le Masa;nèwɔ dzre kplii le Meriba tsia gbɔ.9Ewɔ wò ɖoɖowo dzi,ewu nu vɔ̃ wɔla geɖewo,eya ŋutɔ ƒe viwo, nɔviŋutsuwo,fofowo kple dadawo gɔ̃ hã.10Levitɔwo afia Mose ƒe seawo Israelwoasubɔ wò le dzudzɔdovɔsamlekpuikple numevɔsamlekpui la dzi.11O! Yehowa, yra Levitɔwokpɔ ŋudzedze le woƒe dɔsiwo wowɔna na wò la ŋu.Fiti woƒe futɔwo gbidigbidina womagafɔ gbeɖe o.”12Mose gblɔ tso Benyamin ŋu be,“Yehowa ƒe lɔlɔ̃tɔe wònyeele dedie le egbɔYehowa tsɔ ametakpɔkpɔ ƒo xlãe,ɖenɛ tso dzɔgbevɔ̃e ɖe sia ɖe me.”13Mose gblɔ tso Yosef ƒe to la ŋu be,“Yehowa nayra eƒe anyigbakple nunana nyuitɔwo tso dziƒokple esiwo tso anyigba ƒe tume.14Yehowa nayrae kple nuku nyuitɔwotso esiwo ɣe nana wotsina la domewòana nuwoe fũu ɣleti sia ɣleti15nuku siwo wɔna nyuie le towo dzikple esiwo wɔna nyuie le togbɛwo dzi,16Yehowa nayrae kple nunana nyuitɔwokple anyigbadzinu geɖewo,kpakple Mawu, ame si ɖe eɖokui fiale ŋuve ƒe bibi me la ƒe amenuveve.Yayra siawo katã nava Yosef dzi.Ame si nye fiavi le nɔviawo dome.17Ele abe nyitsuvi eneLe ŋusẽ kple ɖekadzedze me.Eto dzo abe to ƒe dzowo ene;Wòawo wòatsɔ tu dukɔwo aƒu anyi le afi sia afi.Esiae nye nye yayra na Efraim ƒe ame akpe nanewokple Manase tɔ akpe akpewo.”18Mose gblɔ tso Zebulon ŋu be,“O! Zebulon, tso aseyele wò gododo ŋuti,eye Isaka, kpɔ dzidzɔwò ame si lɔ̃a agbadɔmenɔnɔ.19Woawoe akpe amewobe woaɖu yewoƒe vɔsanuwo kple yewo.Kpɔ ɖa, woaɖu atsiaƒumenu nyuiwokple nu nyuitɔwo tso anyigba me.”20Mose gblɔ tso Gad ŋu be,“Woayra Gad ƒe kpeɖeŋutɔwo,Gad tsyɔ akɔ anyi abe dzata enebe yeavuvu abɔ kple ta.21Wotsɔ anyigba ƒe nyuiƒewona wo ɖokuiwo;wotsɔ kplɔla ƒe ɖuƒewo na wo.Wowɔ Yehowa ƒe sewo kple ɖoɖowo dzi.”22Mose gblɔ tso Dan ŋu be,“Dan le abe dzatavisi le kpo tim tso Basan ene.”23Egblɔ tso Naftali ŋu be:“O! Naftali, Yehowa yra wò ŋutɔ.Wò anyigba ɖo anyigbemetso Galilea ƒu la nu.”24Mose gblɔ tso Asar ŋu be:“Woayra Aser wu to bubuawo katã;wokpɔ ŋudzedze le eŋu wu nɔviawo,amiti geɖewo amie na wò.25Woatsɔ gayibɔ kple akɔbli atu wò du ƒe agbowoeàkpɔ ŋusẽ le wò ŋkekewo katã me!26Ame aɖeke mede Yehowa,Yesurun ƒe Mawu la nu o.Eɖiɖina tso dziƒoLe fianyenye kple ŋutikɔkɔe mebe yeaxɔ na wò.27Mawu mavɔ lae nye wò sitsoƒe,eƒe abɔ mavɔ la le anyigba te.Enyaa wò futɔwo ɖa le ŋgɔwòeyae gblɔ na mi be,‘Mitsrɔ̃ wo!’28Ale Israel nɔa anyi dedie;le anyigba si dzi bli kple wain bɔ ɖo,eye tsi dzana tso dziƒo ɖo.29Woayra wò, Israel, ŋutɔŋutɔ!Ame bubu kae gakpɔ ɖeɖetso Yehowa gbɔ?Wò akpoxɔnu kple kpeɖeŋutɔe!Eyae nye wò yi ɖaɖɛ la.Wò futɔwo ade ta agu le ŋgɔwòeye nànya avuzi le wo dzi!”