Mose 532ewe_bib
1Miɖo to, o, dziƒo kple anyigba!Miɖo to nye nyawo!2Nye nyawo adza ɖe mia dziabe tsi kple zãmu ene,abe tsidzadza ɖe gbe bɔbɔe dzi ene,abe gbafie le togbɛwo ŋu ene.3Maɖe gbeƒã Yehowa ƒe gãnyenyeŋutikɔkɔe gã ŋutɔ le eŋu!4Eyae nye Agakpe la.Eƒe dɔ de bliboeƒe wɔnawo katã nyo, eye wodze.Mawu wɔa nuteƒe, eye vɔ̃ mele eŋu o.5Ke Israel gblẽ: nu vɔ̃ blibae.Meganye Mawu tɔ o.Ezu dukɔ kɔlialiatɔ kple dzidzime gɔglɔ̃.6Nu siae nàwɔ ɖe Yehowa ŋua?O! Dukɔ si me abunɛtɔwo le.Ɖe menye Mawue nye fofowò oa?Menye eyae wɔ wò oa?Ɖe meɖo gɔwòme anyi,hena ŋusẽ wò oa?7Ɖo ŋku gbe aɖe gbe ʋĩi dzi!Bia fofowòwo kple amegãxoxowo,woagblɔ nya sia nya na wò.8Mawu, dziƒoʋĩtɔ la, ma xexea me ɖe dukɔwo domeena mawudɔla ɖeka dukɔ ɖe sia ɖebe wòanye dzikpɔla nɛ.9Ke mena mawudɔla aɖeke Israel o,elabena Israel nye Yehowa ŋutɔ tɔ!10Yehowa kpɔ eta le gbedadaƒoafi si gbemelãwo le xɔxlɔ̃m leeɖee tso lã wɔadãwo ƒe asi meabe eƒe ŋkuviwoe wònye ene.11Ekeke eƒe aʋala ɖe edziabe ale si hɔ̃ wɔna na viawo,kɔa wo ɖe eƒe aʋalã dzi,abe ale si Yehowa wɔna na viawo ene!12Yehowa ɖeka koe nɔ ekplɔmmawu bubu aɖeke mekpe ɖe eŋu o.13Etsɔ tonyigba nyonuwo nɛkpe ɖe anyigba sɔsɔe nyonuku ŋuena anyitsii tso agakpe meamii tso kpenyigba me!14Ena notsi kple lãeagbotsuwo kple gbɔ̃ damiwoBasantɔwo ƒe agbotsuwo kple gbɔ̃wo,Ena bli doku nyuitɔeEna wòno wain nyuitɔ.15Ke sẽe ko la, Yesurun ɖu nu ɖi ƒo,ɛ̃, ekpɔ lãme, da ami heklã.Tete wògbe nu le eƒe Mawu la gbɔeɖe asi le eƒe xɔxɔ ƒe Agakpe la ŋu.16Edo dɔmedzoe ŋutɔ ɖe woƒe dzromawuwo subɔsubɔ ta;eʋã ŋu ɖe eƒe dukɔ ta.17Israel sa vɔ na trɔ̃wo, siwo menye Mawu omawu siwo womesubɔ kpɔ o,mawu siwo meli tsã omawu siwo medzi ŋɔ na mia fofowo o.18Eɖe kɔ ɖa le Agakpe si wɔe la ŋuŋlɔ be be Mawue wɔ ye.19Yehowa kpɔ nu si wɔm Israel le;elé fu Israel ŋutɔŋutɔ.Via ŋutsuwo kple via nyɔnuwo do vloe.20Eye wògblɔ be, “Magblẽ wò ɖinàkpɔ nu si adzɔ ɖe dziwò ɖa;ènye dzidzime si liaa kɔMawudzixɔse mele mewò o.21Wona meʋã ŋu woƒe legbawo ŋutɔ,legba siwo menye mawuwo kura o.Nye hã mana woaʋã ŋudukɔ si menye dukɔ o la.Mana miado dɔmedzoeɖe dukɔ si mesea nu gɔme o la ŋu.22Elabena nye dɔmedzoe do dzo aɖesi bina dea anyigba ƒe tume ke.Ebia anyigba kple eƒe nukuwo katã,eye wòtɔa dzo towo.23“Mali ke dzɔgbevɔ̃e ɖe edzimatee kple nye aŋutrɔ aƒu anyi.24Mana dɔwuame, ŋudza kple kudɔnana agbe navɔ le eŋu.Matsrɔ̃e! Madɔ lã wɔadãwo ɖa,woavuvui kple aɖu.Madɔ da aɖivɔ̃ siwo tana laɖe wo dome kple aɖi siamewo.25Futɔwo ƒe yiwo le dua godo,eye ŋɔdzi alé ame le xɔ me.Adzi ŋɔ na ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo,na vi nonowo kple amegãɖeɖiwo.26Maka eƒe amewo ahlẽale be ame aɖeke magaɖo ŋku wo dzi gɔ̃ hã o.27Ke mebu eŋu hekpɔ be,Nye futɔwo aƒo adegbe be,‘Míawo ŋutɔ ƒe ŋusẽe ɖu Israel dzi;Menye Yehowae wɔ esia o!’ ”28Israel nye abunɛdukɔ aɖebometsitsi ɖe nunya le tagbɔ nɛ.29O! Nunyalawo woanye hafianye ne woase nu gɔme;anye ne woanya nutso nu si me woɖo tae la ŋu!30Aleke wɔ futɔ ɖeka pɛanya wo dometɔ akpe ɖekaeye futɔ eve ko nanya akpe ewo?Ne menye woƒe Agakpee ɖe asi le wo ŋu,eye Yehowa ŋutɔe tsrɔ̃ wo o?31Ke dukɔ bubuawo ƒe agakpemele abe míaƒe Agakpe la ene o;gbedodoɖa na woƒe mawuwonye nu dzodzro ko!32Woƒe wainkawo nye Sodom wainkawoeye Gomora gblewo me wotso.Woƒe waintsetse nye aɖi,eye wo me tsi vena.33Woƒe wainwo nye da ƒe aɖiwokple ƒli ƒe veve.34Ke Israel nye dukɔ tɔxɛ;metre enu abe kpe xɔasiwo eneɖe nye nudzraɖoƒe.35Tɔnyee nye hlɔ̃biabia.Ɣeyiɣi hena nye tohehe eƒe futɔwo ɖowoƒe afɔwo ada;elabena woƒe tsɔtsrɔ̃ɣi ɖo!36Yehowa axɔ na eƒe dukɔ,ne ekpɔ be ŋusẽ vɔ le eŋu.Ave ame siwo subɔnɛ la nune ekpɔ be wɔna mele wo ŋu o.37Ekema Mawu abia be,Afi ka woƒe mawuwo le?Agakpe siwo wobu abe sitsoƒe ene ɖe?38Afi ka mawu siwo wosaa vɔ nakple lãmi kple wain le azɔ?Mina mawu siawo natsi tsitre,axɔ na wo!39Miekpɔ be nye koe nye Mawu oa?Mewua ame, eye menaa agbe ame.Medea abi ame ŋu, eye mewua abi.Ame aɖeke mate ŋu atsi tsitreƉe nu si mewɔ la ŋu o.40Zi ale si wònye nyeeNye Mawu gbagbe la la,Mekɔ asi dzi, ɖe adzɔgbe41be manyre nye yi dadzo la,Makpɔ be dzɔdzɔenyenye xɔ aƒe.Mabia hlɔ̃ nye futɔwoahe to na ame siwo lé fum.42Woƒe ʋu atsyɔ le aŋutrɔ ŋunye yi awu ame siwo katã tso ɖe ŋunye.Nyemakpɔ nublanui na ame siwo wɔa aʋa kplim o;abixɔlawo kple gamenɔlawo gɔ̃ hã aku.43Dukɔwo, mikafu Yehowa ƒe amewo,ehea to na eƒe amewo wulawo;ebiaa hlɔ̃ eƒe futɔwoetsɔa nu vɔ̃ kea eƒe amewo.44Mose kple Yosua, Nun ƒe viŋutsu la, gblɔ ha sia me nyawo ale be Israelviwo nate ŋu ase wo.45Esi Mose wu Mawu ƒe seawo fiafia Israel dukɔ blibo la nu vɔ la,46egblɔ na wo be, “Mide ŋugble le se siwo katã mede na mi egbe la ŋuti, eye miade wo asi na mia viwo.47Se siawo menye nya ƒuƒluwo ko o. Woawoe nye miaƒe agbe! Ne miewɔ ɖe se siawo dzi la, mianɔ agbe didi, eye nuwo adze edzi na mi nyuie le anyigba si xɔ ge mieyina le Yɔdan tɔsisi la godo la dzi.”