1Tugbewo ƒe fia,afi ka wò lɔlɔ̃tɔ yi?Mɔ ka wò lɔlɔ̃tɔ to,ne míakpe ɖe ŋuwò adii?2Nye lɔlɔ̃tɔ yi ɖe eƒe abɔ me;eyi atike ʋeʋĩwo ƒe bo dzi,ne wòatsa le wo me agbe dzogbenyawo.3Nye lɔlɔ̃tɔ nye tɔnye, eye nye hã menye etɔ;ele tsa ɖim le dzogbenyawo dome.4Nye dzi lɔlɔ̃a, èdze tugbe abe Tirza ene,ènya kpɔ abe Yerusalem ene,eye fianyenye le ŋutiwò abe asrafohasiwo lé aflaga ɖe asi ene.5Ɖe wò ŋku ɖa le ŋunye;wowu gbɔgblɔ nam,wò taɖa le abe gbɔ̃hasiwo ɖi tso Gilead to dzi la ene.6Wò aɖuwo fu abe alẽha siwo tso tsileƒe ene.Wo katã wole zɔzɔm eveve,eye ɖeke metsi akogo o.7Wò tonuƒui le dzedzem le moxevɔ meabe atɔtɔ si woma ɖe eve la ene.8Fiasrɔ̃wo le blaade, ahiãviwo le blaenyi,hekpe ɖe ɖetugbi dzadzɛ siwo mele xexlẽme o la ŋuti;9gake nye ahɔnɛ si de blibo si le tɔxɛ,dadaa ƒe vinyɔnu ɖeka hɔ̃ɔ lae nyeame si nye dzila ƒe malɔ̃nulegbɔa.Ɖetugbiawo kpɔe, eye woyɔe be yayratɔ;fiasrɔ̃wo kple ahiãviawo hã kafui.10Ame kae nye esi le dzedzem abe agudzedze ene,nyo abe ɣleti ene,le keklẽm abe ɣe ene,eye wòle zɔzɔm fiatɔeabe ɣletiviwoe le asaɖa bɔm ene?11Meyi ɖe azitiwo te,ne makpɔ gbe fɛ̃ siwo le balime,ne makpɔe ɖa be wainkawo te tsetsealo yevuzitiwo ƒo se mahã.12Hafi mava nya la,nye didi kplɔm yi ɖe nye dukɔƒe fia ƒe tasiaɖamwo dome.13Trɔ va, trɔ va,O Sulamitɔ trɔ va, trɔ va,be míalé ŋku ɖe ŋuwò sẽe!Nu ka ta miebe míalé ŋku ɖe Sulamitɔ ŋuabe ale si miewɔna newole Mahanaim ɣe ɖum la ene?