Psalmowo67ewe_bib
Ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe kasaŋku ŋu.
1Mawu, ve mía nu, eye nàyra mí,na wò mo naklẽ ɖe mía dzi, Sela2Ale be woanya wò mɔwo le anyigba dzikple wò xɔxɔ le dukɔwo dome.3O! Mawu, dukɔwo akafu wò,anyigbadzidukɔwo katã akafu wò.4Dukɔwo akpɔ dzidzɔ, adzi ha, atso aseye,elabena èɖu dukɔwo dzi le dzɔdzɔenyenye me,eye nèkplɔ anyigbadzidukɔwo. Sela5Mawu, dukɔwo katã akafu wò;wòe dukɔwo katã akafu.6Ekema anyigba ana woaxa eƒe nukuwo fũu, eye Mawu,míaƒe Mawu la ayra mí.7Mawu ayra mí, eye anyigbaƒe mlɔenutɔwo katã avɔ̃e.