Psalmowo64ewe_bib
David ƒe ha na hɛnɔ la.
1O! Mawu, ɖo tom, esi meɖe nye kuxiwo na wò;kpɔ nye agbe ta tso futɔ siwo le ŋɔdzi dom nam la ƒe asi me.2Ɣlam tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe nugbeɖoɖokple ame vlo mawo ƒe howɔwɔ me.3Wonyrea woƒe aɖewo abe yi ene,eye wodzidzea woƒe nyawo ɖe ame dziabe aŋutrɔ siwo nu aɖi le la ene.4Wodea xa hedaa aŋutrɔ ame maɖifɔ la,eye wodanɛ zi ɖeka vɔvɔ̃manɔŋutɔe.5Wodea dzi ƒo na wo nɔewole woƒe nu vɔ̃ɖi ɖoɖowo me,woƒoa nu tso ale si woatre mɔ ɖe vivimela ŋuti gblɔna be, “Ame kae le ekpɔ ge?”6Woɖoa nu vɔ̃ɖi hegblɔna le eŋuti be,“Míewɔ ɖoɖo deŋgɔ la vɔ!”Vavãe, ame ƒe susu kple dzi me nye ayenuwɔƒe,7gake Mawu ada aŋutrɔ woeye wòalɔ wo zi ɖeka kpoyi woamu adze anyi.8Ana woawo ŋutɔ ƒe aɖe nade wo nya meeye wòahe wo ade tsɔtsrɔ̃ me.Ame siwo katã akpɔ wo la aʋuʋu ta ɖe wo ŋu fewuɖutɔe.9Tete vɔvɔ̃ aɖo amegbetɔƒomea katã;woado Mawu ƒe dɔwɔwɔwo ɖe dzi,eye woade ŋugble le nu si wòwɔ la ŋuti.10Ame dzɔdzɔe akpɔ dzidzɔ le Yehowa me, eye wòasii atso.Ame siwo katã dza le woƒe dzi me la akafui!