Psalmowo36ewe_bib

David, Yehowa ƒe dɔla, ƒe ha na hɛnɔ la.

1Yehowa ƒe gbedeasi aɖe le nye dzi me tsoame vɔ̃ɖi ƒe nu vɔ̃ wɔwɔ ŋuti.Mawuvɔvɔ̃ aɖeke mele woƒe ŋkuwo me o.
2Elabena le eya ŋutɔ ŋkume,wòvivi nu me na eɖokui ale gbegbe bemete ŋu kpɔ eƒe nu vɔ̃ dze siialo wòagbe nu le egbɔ o.3Eƒe numenyawo vɔ̃ɖi,henye beble sɔŋ, eye wòdzudzɔ nuwɔwɔ ɖe nunya mekple nu nyui wɔwɔ.4Eɖoa nu vɔ̃ɖi le eƒe aba dzi,etsɔa eɖokui dea asi na nu si nye vɔ̃,eye megbea nu si nye nu gbegblẽ o.
5O! Yehowa, wò lɔlɔ̃ kɔ ɖatɔ dziƒowo ke,eye wò nuteƒewɔwɔ tɔ dziŋgɔli ke.6Wò dzɔdzɔenyenye le abe to gãwo ene,eye wò afiatsotso le abe tɔ goglo ene.O! Yehowa, èkpɔa amegbetɔwo kple lãwo siaa ta.7Wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la xɔ asi loo!Ame siwo ŋuti bubu lekple ame siwo ŋuti mele o,le amegbetɔviwo dome siaa kpɔa sitsoƒele wò aʋala ƒe vɔvɔli te.8Wò aƒemenu gbogboawo nye nuɖuɖu na wo,eye nènaa tsi wo wonona tso wò dzidzɔtɔsisi la me.9Elabena gbɔwòe agbe ƒe tsitsetse la le,eye wò kekeli mee míekpɔa kekeli le.
10Yi edzi nàɖe wò lɔlɔ̃ afia ame siwo nya wò,eye nàɖe wò dzɔdzɔenyenye afiaame siwo ƒe dzi to mɔ ɖeka.11Dadalawo megaɖo afɔ dzinye,alo ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi nanyam o.12Kpɔ ale si nu vɔ̃ɖi wɔlawo dze anyi ɖe anyigbae ɖa;wotutu wo ƒu anyi, eye womete ŋu fɔ o!