Psalmowo130ewe_bib

Mɔzɔha.

1O! Yehowa, mele koko ƒom na wò tso nye dzi me ke.2O! Aƒetɔ, ɖo to nye gbe.Wò to nenɔ te nàse nye nublanuiɣli.
3O! Yehowa, ne àlé amewoƒe nu vɔ̃wo ɖe agbalẽ me ada ɖi la,O! Aƒetɔ, ame ka ate ŋu anɔ te?4Ke wò la, tsɔtsɔke le gbɔwò,eya ta wovɔ̃a wò ɖo.
5Mele Yehowa ƒe asinu kpɔm,nye luʋɔ le lalam,eye metsɔ nye mɔkpɔkpɔ da ɖe eƒe nya dzi.6Nye luʋɔ le lalam na Aƒetɔ la wuale si zãɖialawo kpɔa mɔ na ŋu ƒe keke;mebe wu ale si zãɖialawo kpɔa mɔ na ŋu ƒe keke.
7O! Israel, tsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe Yehowa dzi,elabena lɔlɔ̃ matrɔ le Yehowa si,eye ɖeɖe blibo le eya amea gbɔ.8Eya ŋutɔ aɖe Israeltso eƒe nu vɔ̃wo katã me.