Psalmowo126ewe_bib
Mɔzɔha.
1Esi Yehowa kplɔ aboyomeyilawo gbɔe va Zion la,míenɔ abe drɔ̃ekulawo ene.2Nukoko yɔ míaƒe nu me fũu,eye dzidzɔhawo yɔ míaƒe aɖewo dzi.Tete wogblɔ le dukɔwo dome be,“Yehowa wɔ nu gã na wo ameawo.”3Nyateƒee, Yehowa wɔ nu gãwo na mí,eya ta dzidzɔ yɔ mía me.4O! Yehowa, gaɖo míaƒe nunyonamewo te,abe tɔʋu si le Gbegbe ene.5Ame siwo ƒã nu kple aɖatsi la,axa nu kple dzidzɔhawo.6Ame si do go le nukuwo ƒãm kple aɖatsi laatrɔ agbɔ kple dzidzɔhawo, atsɔ lu bablawo agbɔe.