Psalmowo124ewe_bib

David ƒe mɔzɔha.

1Ne menye Yehowae le mía dzi o la,Israel negblɔ be,2“Ɖe menye Yehowae le mía dzi o la,esi amegbetɔwo tso ɖe mía ŋu,3eye woƒe dɔmedzoe bi ɖe mía ŋu la,anye ne womi mí agbagbee,4anye ne tsi ɖe míhesi to mía dzi,5anye ne tɔ dzeagbowokplɔ mí dzoe.”
6Woakafu Yehowa,ame si meɖe mɔ be woavuvu mí kple woƒe aɖu o.7Míesi abe xevi si do le mɔtrela ƒe mɔka me la ene;mɔka la tso, eye míesi dzo.8Míaƒe xɔname le Yehowa,dziƒo kple anyigba Wɔla la gbɔ.