Psalmowo11ewe_bib

David ƒe ha na hɛnɔ la.

1Yehowae mesi tso.Aleke miele gbɔgblɔm nam be,“Dzo abe xevi ene nàyi ɖe wò to dzi?2Elabena kpɔ ɖa, ame vɔ̃ɖiwo he woƒe da me;wotsɔ woƒe aŋutrɔwo ɖo datikawo ŋuti bewoada ame siwo dza le woƒe dzi me la le blukɔ me.3Esi wole gɔmeɖokpeawo gbãm la,nu ka dzɔdzɔetɔ la awɔ?”
4Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me;Yehowa le eƒe fiazikpui dzi le dziƒo.Elé ŋku ɖe amegbetɔviwo ŋu,eye wòdo wo kpɔ.5Yehowa doa ame dzɔdzɔe kpɔna,ke eƒe luʋɔ tsri ame vɔ̃ɖiwokple ame siwo lɔ̃a ŋutasesẽ.6Ana dzoka xɔxɔ kple aŋɔ dzodzoe nadza ɖeame vɔ̃ɖiwo dzi, eye ya xɔdzo anye wo tɔ gome.
7Elabena Yehowae nye dzɔdzɔetɔ, elɔ̃a nuteƒewɔwɔ;ame siwo dza le woƒe dzi me la akpɔ eƒe ŋkume.