Lododowo31ewe_bib
1Fia Lemuel ƒe nyawo, nyagblɔɖi si dadaa fiae lae nye esi:2“Oo vinye,O nye dɔmevi, O nye adzɔgbeɖevi,3Mègagblẽ wò ŋusẽ ɖe nyɔnuwo ŋukple wò lãmeka ɖe ame siwo gblẽa fiawo dome la ŋu o.4“O Lemuel, esia menye fiawo tɔ o,menye fiawo tɔ be woano wain oeye menye dziɖulawo tɔ be woadzro aha sesẽ o.5Ne menye nenema o la,woamu aha aŋlɔ nu si sea gblɔ la beeye woaxɔ ablɔɖe le ame siwo wote ɖe anyi la si.6Tsɔ aha muame na ame siwo le tsɔtsrɔ̃mkple wain na ane siwo le nuxaxa me,7na woanoe aŋlɔ woƒe ahedada beeye womagaɖo ŋku woƒe hiãtuame dzi akpɔ o.8“Ƒo nu ɖe ame siwo mate ŋu aƒo nu ɖewo ɖokui nu o la nu eye nàʋli amemanɔsitɔwo ƒe ablɔɖe ta.9Ƒo nu eye nàdrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe,ʋli ame dahewo kple hiãtɔwo ƒe ablɔɖe ta.”10Ame ka akpɔ srɔ̃nyɔnu si ƒe agbe dze ame ŋu?Exɔ asi wu adzagba.11Srɔ̃a kana ɖe edzi bliboeye nu sia nu si ŋu asixɔxɔ le la mevena le egbɔ o.12Le nyɔnu sia ƒe agbemeŋkekewo katã me la,ehea nyui ko vɛ, ke menye vɔ̃ o.13Edia ɖetifu kple avemekaeye wòwɔa dɔ kple eƒe asiwo faa.14Ele abe asiʋu eneeye wòhea nuɖuɖu tso didiƒe vaa aƒee.15Efɔna ne ŋu mekpɔ ke o,edia nuɖuɖu na eƒe ƒometɔwo eye wòmaa dɔ na eƒe dɔlanyɔnuwo.16Ebua ta me le agble ŋu eye wòƒlenɛ,eɖena tso eƒe nukpɔkpɔwo me tsɔna dea waingblee.17Ewɔa dɔ kple ŋkubiãeye eƒe alɔwo sẽna ɖe eƒe dɔwo ŋu.18Ekpɔa egbɔ be yeƒe asitsatsa ɖe vi geɖeeye yeƒe akaɖi metsina le zã me o.19Ɖetifutreti le eƒe asi meeye wòtsɔa eƒe asibidɛwo léa ɖetitrekekee.20Eʋua asi na ame dahewoeye wòdoa asi ɖe hiãtɔwo gbɔ.21Ne snodzaɣi ɖo la,mevɔ̃na ɖe eƒe aƒekɔ nu oelabena wo katã tsyɔ kuntru dzĩ.22Elɔ̃a abadzivɔ na eƒe abaeye wòdoa aklala biɖibiɖi ƒe awu kple awu blɔ.23Wodea bubu srɔ̃a ŋu le dua ƒe agbonune enɔ anyigba la dzi dumegãwo dome.24Etɔa aklala biɖibiɖi ƒe awuwo dzranaeye wòdzraa alidziblanu na asitsalawo.25Edo ŋusẽ kple bubu abe awu eneeye ate ŋu ako ŋkeke siwo gbɔna.26Eƒoa nu kple nunyaeye nufiame anukwaretɔ le eƒe aɖe dzi.27Ekpɔa eƒe aƒekɔ ƒe nyawo gbɔ nyuieeye meɖua kuviabolo o.28Viawo tsona yɔnɛ be yayratɔ,nenemae srɔ̃a hã yɔnɛ, hekafunɛ be,29“ ‘Nyɔnu siwo wɔa nu ɖɔʋuwo la li fũu,gake wò la, èƒo wo katã ta.’30Nyonyo la, beblee,eye tugbedzedze nu hã va yina kaba;gake woakafu nyɔnu si vɔ̃a Yehowa.31Mitsɔ fetu si wòdze na la nɛ,eye eƒe dɔwɔwɔwo ahe kafukafu vɛ nɛle dua ƒe agbowo nu.”