Lododowo3ewe_bib

Nunya ƒe viɖe bubuwo

1Vinye, mègaŋlɔ nye nufiame be o,eye nàlé nye sededewo ɖe wò dzi me,2elabena woadidi wò agbenɔƒewo ɖe edziƒe geɖe, eye woahe dzidzedzekpɔkpɔ vɛ na wò.
3Lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ megate ɖa le gbɔwò gbeɖe o,tsɔ wo de kɔ eye nàŋlɔ wo ɖe wò dzi ƒe nuŋlɔkpe dzi.4Ekema àkpɔ amenuveve kple ŋkɔ nyuile Mawu kple amewo ŋkume.
5Ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu kple wò dzi blibo,mègaku ɖe wò ŋutɔ wò nugɔmesese ŋu o;6ɖo ŋu ɖe eŋu le wò mɔwo katã dziekema awɔ wò toƒewo dzɔdzɔe.
7Mèganye nunyala le wò ŋutɔ wò ŋkume o,ke boŋ vɔ̃ Yehowa eye nàtsri vɔ̃.8Esia ahe dɔyɔyɔ vɛ na wò ŋutilãkple nunyiame vɛ na wò ƒuwo.
9De bubu Yehowa ŋu kple wò kesinɔnuwokple wò agblemenukuwo ƒe ŋgɔgbetɔwo,10ekema wò avawo ayɔ agbagba,eye wain yeye ayɔ wò ahazewo agbagba.
11Vinye, mègado vlo Yehowa ƒe amehehe oeye mègagbe eƒe mokaname o12elabena Yehowa ɖɔa ame siwo wòlɔ̃ la ɖoabe ale si fofo wɔna na vi si ƒe nu dzea eŋu la ene.
13Woayra ame si ke ɖe nunya ŋukple ame si si gɔmesese su14elabena nunya xɔ asi wu klosaloeye viɖe geɖe le eme wu sika.15Asixɔxɔ le eŋu wu adzagbaeye nu siwo katã dim nèle la,ɖeke mesɔ kplii o.16Agbe didi le eƒe ɖusi ƒe asi me,eye kesinɔnuwo kple bubu le eƒe miasi ƒe asi me.17Eƒe mɔwo nye mɔ siwo dzi vivi leeye ŋutifafa le eƒe toƒewo katã.18Enye agbeti na ame siwo xɔ eya ameaeye ame siwo ƒe asi su edzi la woayra wo.
19Nunyae Yehowa tsɔ ɖo anyigba la ƒe gɔmeɖokpe anyiieye wòtsɔ gɔmesese ɖo dziƒowo ɖe wo teƒe.20Etsɔ eƒe nunya ma gogloƒewoeeye lilikpowo dzaa zãmu.
21Vinye, lé afia nyui tsotso kple sidzedze me ɖe asi,mègana woadzo le ŋkuwòme o.22Woanye agbe na wòkple kɔga aɖo atsyɔ̃ na wò kɔ.23Ekema àlé wò mɔ atsɔ le dedinɔnɔ meeye wò afɔ maɖiɖi o.24Ne èmlɔ anyi la, màvɔ̃ o,ne èmlɔ anyi la, àdɔ alɔ̃ vivi.25Mègavɔ̃ ŋɔdzi si ava kpoyialo gbegblẽ si vaa ame vɔ̃ɖiwo dzi o26elabena Yehowa anye wò dzideƒoeye mana wò afɔ naɖo mɔ me o.
27Mègagbe nyuiwɔwɔ na ame siwo dze nɛ,ne ele wò ŋusẽ me be nàwɔe o.28Mègagblɔ na wò aƒelika be,“Yi nàtrɔ va, etsɔ matsɔe na wò” esi wòle asiwò fifia o.29Mègaɖo vɔ̃ ɖe wò aƒelika,ame si le gbɔwò le anukwareɖiɖi me la ŋu o.30Mègatsɔ nya ɖe ame aɖeke ŋu dzodzroesi mewɔ vɔ̃ aɖeke ɖe ŋuwò o.
31Mègabiã ŋu ŋutsu nu sesẽ wɔlaalo azɔ le eƒe mɔ aɖeke dzi o,32elabena Yehowa nyɔa ŋu ŋutsu nu tovo wɔlagake elɔ̃a ame siwo wɔa nu dzɔdzɔe.
33Yehowa ƒe fiƒode le ame vɔ̃ɖiwoƒe aƒe dzi, ke eyrana ɖe ame dzɔdzɔewo ƒe aƒe dzi.34Yehowa ɖua fewu le dadala fewuɖulawo ŋu,ke evea ame siwo bɔbɔa wo ɖokui la nu.35Nunyalawo nyia bubu ƒe dome,ke bometsilawo la, etsɔa wo dea asi na ŋukpe.