Obadia1ewe_bib

Obadia ƒe Ŋutega

1Ŋutega si Obadia kpɔ.

1 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ tso Edom ŋutie nye esi:
Míese gbe tso Yehowa gbɔ be,wodɔ dɔla aɖe be wòagblɔ na dukɔwo be,“Mitso, mina míaho aʋa ɖe Edom ŋu!”
2“Edom, kpɔ ɖa,mawɔ wò nàzu sue le dukɔwo domeeye maɖi gbɔ̃ wò vevie.3Wò dzi ble wò, eye nèdanaelabena èle agakpewo tome,eye nèle togbɛwo tame ke.Ègblɔ le wò dzi me be:‘Ame kae ate ŋu atutum aƒu agame?’4Ne èdzo yi dzi ʋĩi abe hɔ̃ eneeye nèwɔ atɔ ɖe ɣletiviwo dome hã la,matutu wò aƒu anyi tso afi ma.”Yehowae gblɔe.5“Ne fiafitɔwo va fi wò,eye adzodalawo va dze dziwòle zã me hefi wò nuwo ɖe,womagblẽ nanewo ɖi na wò oa?O, gbegblẽ gã ka wòanye anɔ lalawòm!Ne waintsetsefilawo hã va wò waingble me ɖe,ɖe womagblẽ ʋɛ aɖewo ɖi na wò o mahã?6Ke woalɔ Esau ya ƒiaƒiaƒia,woagblẽ eƒe kesinɔnu siwowòdzra ɖo la katã dome.7Ame siwo le dziwò la,anya wò ɖe nu va se ɖe wò liƒowo dzi ke,xɔ̃wòwo able wò eye woaɖu dziwò.Ame siwo ɖua wò abolo la,atre mɔ na wò,ke mànyae be mɔ le afi ma o.
8“Le ŋkeke ma dzi la,matsrɔ̃ nunyala siwo katã le Edomeye maɖe ame siwo si gɔmesese le la ɖale Esau ƒe towo dzi.”Yehowae gblɔe.9Asrafo kalẽtɔ gãtɔ kekeakele Teman hã azu vɔvɔ̃nɔtɔeye ame sia ame si le Esau ƒe towo dzi la,atsi yi nu.10Le esi nèsẽ ŋuta le nɔviwò Yakob ŋuti ta la,ŋukpe alé wò eye woatsrɔ̃ wò gbidii.11Ènɔ tsitre nɔ nu kpɔm esi amedzrowo va lɔeƒe kesinɔnuwo eye dzronyigbadzitɔwo ge ɖeeƒe agbowo me hedzidze nu ɖe Yerusalem dzi.Wò hã èle abe wo dometɔ ɖeka ene.12Gbe si gbe dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe nɔviwòa dzi la,mele be wòazu ŋunyɔnu na wò oalo nàkpɔ dzidzɔ gbe si gbe wogbã Yuda gudugudualo aƒo adegbe le gbe si gbe dzɔgbevɔ̃e va wo dzi ŋu o.13Migage ɖe nye amewo ƒe agbowo mele woƒe dzɔgbevɔ̃egbe o,migado vlo wo le woƒe gbegblẽ me,le woƒe dzɔgbevɔ̃eŋkeke la dzi oeye migaxɔ woƒe kesinɔnuwo le wo sile woƒe dzɔgbevɔ̃egbe o.14Migatsi tsitre ɖe mɔdzevewo nu bemiawu woƒe aʋasilawoalo miatsɔ woƒe ame siwo susɔ la de asile woƒe dzɔgbevɔ̃egbe o.
15“Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe na dukɔwo katã.Ale si miewɔ Israel la,nenema kee woawɔ miawo hãe.Miaƒe nu vɔ̃ siwo miewɔ laatrɔ ava miaƒe tawo dzi.16Abe ale si mienoele nye to kɔkɔe la dzi ene la,nenema ke dukɔ bubuwo hã anoe tegbee;woanoe, aganoe eye wòanɔabe ɖe dukɔ mawo menɔ anyi kpɔ o ene.17Ka ɖeɖe anɔ Zion to dzieye wòanye kɔkɔeƒe.Yakob ƒe aƒe agaxɔ eƒe domenyinu.18Yakob ƒe aƒe anye dzo,Yosef ƒe aƒe anye dzo ƒe aɖeeye Esau anye gbe ƒuƒu.Woatɔ dzoe eye wòabi keŋkeŋ.Ame aɖeke matsi agbele Esau ƒe aƒe me o.”Yehowae gblɔe.
19Azɔ dziehetɔwo atrɔava nɔ Esau ƒe towo dzi,ame siwo le Yuda ƒe balimenyigba dzi laaxɔ Filistitɔwo ƒe anyigba le wo sieye Efraim kple Samaria azu wo tɔ.Ke Benyamin axɔ Gilead wòazu etɔ.20Israelvi siwo le aboyo me le Kanaan laaxɔ anyigba va se ɖe Zarefat ke;Yerusalemtɔ siwo le aboyo mele Sefarat la ava xɔ du siwo le Negeb.21Xɔnametɔwo ava Zion to la dzieye woaɖu Esau ƒe todziduwo dzi tso afi ma.Fiaɖuƒe sia anye Yehowa tɔ!