Nehemia12ewe_bib
Nunɔlawo kple Levitɔwo
1Nunɔla kple Levitɔ siwo trɔ gbɔ kple Zerubabel, Sealtiel ƒe vi kple Yesua la woe nye:Seraya, Yeremia, Ezra,2Amaria, Maluk, Hatus,3Sekania, Rehum, Meremot,4Ido, Gineton, Abiya,5Miyamin, Madia, Bilga,6Semaya, Yoyarib, Yedaia,7Salu, Amok, Hilkia kple Yedaia.
Ame siawoe nye nunɔlawo ƒe kplɔlawo kple woƒe kpeɖeŋutɔwo le Yesua ƒe ɣeyiɣiwo me.8Levitɔ siwo gbɔ la woe nye: Yesua, Binui, Kadmiel, Serebia, Yuda, Matania, ame si kple eƒe kpeɖeŋutɔwo kpɔa9Bakbukia kple Uni dzi; woƒe kpeɖeŋutɔwo kpena ɖe wo ŋu le akpedahawo dzidzi me.10Yesua nye Yoyakim fofo, Yoyakim nye Eliasib fofo, Eliasib nye Yoiada fofo,11Yoiada nye Yonatan fofo, Yonatan nye Yaɖua fofo,12Nunɔla siwo wɔ dɔ le Yoyakim ƒe ŋkekewo me la ƒe hlɔ̃wo ƒe kplɔlawoe nye:
Meraya si nye Seraya ƒe ƒomea ƒe tatɔ, Hananiya nye Yeremia ƒomea ƒe tatɔ,13Mesulam nye Ezra ƒomea ƒe tatɔ, Yehohanan nye Amaria ƒomea ƒe tatɔ,14Yonatan nye Maluk ƒomea ƒe tatɔ, Yosef nye Sebania ƒomea ƒe tatɔ,15Adana nye Harim ƒomea ƒe tatɔ, Helkai nye Meremot ƒomea ƒe tatɔ,16Zekaria nye Ido ƒomea ƒe tatɔ, Mesulam nye Gineton ƒomea ƒe tatɔ,17Zikri nye Abiya ƒomea ƒe tatɔ, Piltain nye Moadia ƒomea kple Miniamin ƒomea ƒe tatɔ,18Samua nye Bilga ƒomea ƒe tatɔ, Yehonatan nye Semaya ƒomea ƒe tatɔ,19Matenai nye Yoyarib ƒomea ƒe tatɔ, Uzi nye Yedaia ƒomea ƒe tatɔ,20Kalai nye Salu ƒomea ƒe tatɔ, Eber nye Amok ƒomea ƒe tatɔ,21Hasabia nye Hilkia ƒomea ƒe tatɔ, Netanel nye Yedaia ƒomea ƒe tatɔ.22Woŋlɔ nunɔlawo kple Levitɔwo ƒe ƒomeawo ƒe tatɔwo ƒe dzidzimewo da ɖi le Persia fia, Darius ƒe dziɖuɣi le Levitɔ siwo nye Eliasib, Yoiada, Yohanan kple Yaɖua la ŋɔli.23Le Kronika alo Nyadzɔdzɔwo ƒe Agbalẽwo me la, woŋlɔ Levitɔwo ƒe tatɔwo ƒe ŋkɔwo ɖi va se ɖe Yohanan, Eliasib ƒe vi dzi.24Le ɣe ma ɣi me la, Levitɔwo ƒe tatɔwoe nye: Hasabia, Serebia kple Yesua, Kadmiel ƒe vi. Woƒe kpeɖeŋutɔwo tsia tsitre ɖe wo ŋgɔ, eye wokpena ɖe wo ŋu le kafukafu kple akpedada wɔnawo me abe ale si David, Mawu ƒe ame la ɖoe da ɖi ene.25Agbonudzɔla siwo dzɔa nudzɔdzɔwo dzraɖoƒewo ƒe agboawo nu ŋu la woe nye: Matania, Bakbukia, Obadia, Mesulam, Talmon kple Akub.26Ame siawoe wɔ dɔ le Yoyakim, Yesua ƒe vi kple Yozadak ƒe tɔgbuiyɔvi ŋɔli kple esi Nehemia nye mɔmefia, eye Ezra nye nunɔla kple agbalẽfiala.