1Baba nam!Elabena mele ko abe ame aɖe sile kutsetse dim vevie le ati dzile esi nuŋeɣi nu va yi vɔ la ene.Elabena nyemekpɔ kutsetse ɖiɖi aɖeke agbe,aɖu, atsɔ atsi nye dɔwuame nu o.2Alea kee ame nyuiwo hã vɔ le anyigba la dzi.Mate ŋu akpɔ ame ɖɔʋu ɖeka hɔ̃ɔ hã o.Ame sia ame le klalo be yeakɔ ʋu ɖieye ame sia ame ɖo ɖɔ ɖi na nɔvia.3Woƒe asi eveawo bi ɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ me.Dziɖula xɔa zãnu eye ʋɔnudrɔ̃la tsoa afiana ame si na zãnue.Kesinɔtɔwo ɖoa nu si dim wole;ale ame siawo blaa nu ɖekae hewɔna.4Ame nyuitɔ si nàkpɔ le wo dome la le ko abe ŋu si tɔaame ene eye woƒe nuteƒewɔla vɔ̃ɖi wu ŋukpɔtɔtɔ.Ke miaƒe gbetakpɔlawo ƒe ŋkeke la ɖo vɔ.Gbe si gbe Mawu ava asrã mi kpɔ la tu aƒe.Azɔ ɣeyiɣi si tɔtɔ aɖo wo dome la ɖo vɔ.5Mègaxɔ wò aƒelika dzi se o.Mègaɖo dzi ɖe xɔ̃wò ŋu o.Nya ale si nàƒo nu le nyɔnu sile akɔwò nu la gɔ̃ hã gbɔ6elabena viŋutsu made bubu fofoa ŋu o;vinyɔnu adze aglã ɖe dadaa ŋueye lɔ̃xoyɔvi atso ɖe lɔ̃xoa ŋu.Ame ƒe futɔwo atso eya ŋutɔ ƒe aƒe me.7Ke nye la, mele ŋudzɔ le mɔ kpɔm na Yehowa.Mele lalam na Mawu, nye Ɖela.Ɛ̃, nye Mawu aɖo tom hã.
Israel agatsitre
8O nye futɔ, dzi megadzɔ wò le nye anyidzedze ŋuti o;togbɔ be medze anyi hã la,magafɔ ɖe tsitre!Ne menɔ anyi ɖe viviti tsiɖitsiɖi me hã,Yehowa ŋutɔ anye nye kekeli.9Esi meda vo ɖe Yehowa ŋuti ta lamabɔbɔ ɖe eƒe dɔmedzoe te va se ɖe esime wòadrɔ̃ nye nyaeye wòatso afia nam, ekema akplɔm va kekeli meeye makpɔ eƒe dzɔdzɔenyenye.10Ekema nye futɔ akpɔe eye ŋu akpee.Eya ame si bia be,“Afi ka Yehowa wò Mawu la le?”Azɔ mekpɔ eƒe anyidzedze kple nye ŋkuwokple ale si woanyamae abe ba ene.11Ŋkeke si dzi woatu wò duwo la avaeye ŋkeke na wò liƒowo ƒe keke ɖe edzi gbɔna.12Ɣe ma ɣi la, amewo atso Asiriakple Egipte ƒe duwo me avaeye ɖewo atso Egipte va se ɖekeke Frat tɔsisi la nu.Gawu la, amewo atso atsiaƒu nu yi atsiaƒu nu,tso to dzi yi to dzi, ava kpɔ wò ɖa.13Ke anyigba aɖi gbɔlo le edzinɔlawo ƒe nu vɔ̃wo ta.
Gbedodoɖa kple kafukafu
14O Yehowa, va kplɔ wò dukɔ kple wò atizɔti,alẽha si nye wò domenyinu;alẽha si nɔ eɖokui si le avewo mekple lãnyiƒe damawo dzi.Na woaɖu gbe damawo le Basankple Gilead abe tsã ene.15“Abe ale si wònɔ le ŋkekesiwo me nèdo go tso Egipte ene la,mafia wo nye nukunuwo.”16Dukɔwo akpɔe eye ŋukpe alé woelabena woƒe ŋusẽwo katã nu ayi.Woatsɔ woƒe asiwo aɖo nu eye woƒe towo atsi.17Woaɖu ʋuʋudedi abe dakple nu gbagbe siwo tana le anyigba la ene.Woado le woƒe dowo me kple vɔvɔ̃,atrɔ ɖe Yehowa, míaƒe Mawu laŋu eye woavɔ̃ miawo hã.18Afi ka woagakpɔ Mawu bubu lewòanɔ abe wò si tsɔa wòdomenyinu mamlɛawo ƒe nu vɔ̃wokple dzidadawo kena la ene?Mèdoa dɔmedzoe ɖikaa o, ke boŋèkpɔa dzidzɔ le amenuveve ŋuti.19Àgakpɔ nublanui na mí,atiti afɔ ɖe míaƒe nu vɔ̃wo dzieye àtsɔ míaƒe dzidadawo katãaƒu gbe ɖe atsiaƒu ƒe gogloƒe ke!20Àwɔ nuteƒe na Yakob,eye àkpɔ nublanuina Abraham abe ale si nèka atamna mía fofowo tso blema ke ene.