Mika5ewe_bib

Mawu do dziɖula aɖe tso Betlehem ƒe ŋugbe

1O aʋawɔlawo ƒe du.Ƒo wò aʋawɔlawo nu ƒuelabena futɔwo ɖe to ɖe mí.Woatsɔ ati aƒo tome na Israel ƒe dziɖula.
2“Ke wò, Betlehem, Efrata,togbɔ be èle sue le Yuda ƒe ƒomeawo dome hã la,mewòe ame si le nye dukɔ Israelkplɔ ge la ado tso nam.Ame si ƒe dzɔtsoƒe metsɔ oelabena eli tso keke blema ke.”
3Mawu aɖe asi le Israel ŋuti na eƒe futɔwo va se ɖeesime nyɔnu si fu le ɖuɖum la nadzi vi;eye Israelvi siwo susɔ ɖe aboyo me lanatrɔ gbɔ akpe ɖe wo nɔviwo ŋuti anɔwoawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi.
4Atsi tsitre akplɔ eƒe alẽhawo le Yehowa ƒe ŋusẽ mekple Yehowa, eƒe Mawu la ƒe fianyenye me.Eƒe dukɔ la anɔ anyi le ŋutifafa meelabena woade bubu eƒe gãnyenye ŋutile xexea me godoo.

Ɖeɖe kple tsɔtsrɔ̃

5Eyae anye woƒe ŋutifafa.Ne Asiria ho aʋa va míaƒe anyigba dzi hetomíaƒe mɔ sesẽwo me la,ekema míadɔ alẽkplɔla adre ɖe eŋutikple kplɔla enyi be woakplɔ mí.6Woaɖu Asiria dzi kple yi,eye woato eƒe agbowo me age ɖeNimrɔd ƒe anyigba dzi.Aɖe mí tso Asiria ƒe asime nenye bewòho aʋa va dze míaƒe anyigba dzibe yeaɖo afɔ míaƒe liƒowo dzi.
7Yakob ƒe ame mamlɛawo anɔ ame geɖewo domeabe ahũ si dza tso Yehowa gbɔkple agbafie si dzana ɖe gbe dzi, eye melalaa amegbetɔalo kpɔa amegbetɔ ƒe asinu o la ene.8Yakob ƒe ame mamlɛawo anɔ dukɔwokple ame geɖewo dome abedzata le lã wɔadã siwo le ave mekple dzatavi le alẽhawo dome ene.Dzatavi si le yiyim la,enyea avuzi hevuvua nueye ame aɖeke mate ŋu axɔ nu le esi o.9Àkɔ wò alɔ dzi le dziɖuɖu me ɖe wò futɔwo ŋutieye àɖu wò ketɔwo katã dzi.10Yehowa be:“Le gbe ma gbe la,matsrɔ̃ miaƒe sɔwoeye magblẽ miaƒe tasiaɖamwo11Magbã wò duwoeye mamu wò mɔ sesẽwo aƒu anyi.12Matsi adzewɔwɔ nu le wò anyigba dzieye màgasa gbesa azɔ o.13Matɔ dzo wò aklamakpakpɛwoeye magbã wò legba siwo nèwɔkple wò asiwo be màgade ta agu na wo o.14Maho miaƒe aƒeli kɔkɔwo aƒu anyieye magbã miaƒe duwo.15Mlɔeba la, matrɔ nye dziku akɔ ɖedukɔ siwo gbe toɖoɖom la dzi eye mabia hlɔ̃ wo.”