Mika4ewe_bib

Yehowa ƒe to la

1Le ŋkeke mamlɛawo me la,woaɖo to si dzi Yehowa ƒe gbedoxɔle la te abe to si ƒo towo katã ta la ene.Woakɔe wòagbɔ togbɛwo katã taeye amewo aƒo zi ɖe eŋu.2Dukɔ geɖewo ava agblɔ be,“Miva. Mina míayi Yehowa ƒe to la dzile Yakob ƒe Mawu la ƒe gbedoxɔ me.Afia eƒe mɔwo mí ale be míazɔ le eƒe mɔwo dzi.”Nufiame atso Zion avaeye Yehowa ƒe nya atso Yerusalem ava.3Adrɔ̃ ʋɔnu le amewo dome,eye wòadzra dukɔ sesẽ siwo le kpuiƒekple didiƒe siaa la dome ɖo.Woatsɔ woƒe aʋawɔyiwo atu kodzoewoe,eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe.Dukɔ matsɔ yi ɖe dukɔ ŋualo axɔ hehe na aʋawɔwɔ o.4Ame sia ame anɔ anyi bɔkɔɔɖe eya ŋutɔ ƒe wainka kple gboti te;eye ame aɖeke magado ŋɔdzi na wo azɔ oelabena Yehowa, dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.5Dukɔwo katã ate ŋu azɔ le woƒe mawuwo ƒe ŋkɔ megake míawo ya míazɔ le Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me tegbetegbe.

Yehowa ƒe ɖoɖo

6Yehowa be,“Le ŋkeke ma dzi la,maƒo tekunɔwo,aboyomewo kple ame siwo ƒe dzi megbã la nu ƒu.7Mawɔ tekunɔwo woazu ame mamlɛawo,eye ame siwo wonya la nazu dukɔ sẽŋu aɖe.Yehowa aɖu fia ɖe wo dzile Zion to dzi tso gbe ma gbe heyi tegbee.8Ke wò la, O nye alẽha ƒe gbetakpɔla,O Zion nyɔnuvi ƒe togbɛ,dziɖuɖu agava na wò abe tsã ene.Dziɖuɖu ƒe ŋusẽ agava na wò abe tsã eneeye fiaɖuɖu agava na Yerusalem vinyɔnu.”9Azɔ nu ka ta nèle avi fameye ɖe fia aɖeke mele asiwò oa?Afi ka wò fia si wòle be wòakplɔ wò la to?Ɖe wò aɖaŋuɖolawo ku hafi nèle ŋeŋemabe nyɔnu si le ku lém la enea?10O Zion nyɔnuvi, ƒo dablibɛ,nàlé ku abe nyɔnu si le vi dzim la ene,elabena tso azɔ dzi yina la,àdzo le du sia me aɖanɔ gbegbe,woakplɔ wò ayi ɖe aboyo mele Babilonianyigba dzi,gake le afi sia la, maɖe wò.Le afi ma la,Yehowa aɖe wò tso futɔwo ƒe asi me.
11Ke azɔ la, dukɔ geɖewo wɔ ɖeka wɔbabla ɖe mia ŋuti;Wogblɔ be:“Mina míado gui eye míaƒe ŋkuwo natsa le Zion.”12Ke womenya Yehowa ƒe susuwo o,eye womese eƒe ɖoɖowo gɔme o.Eya ame si ƒo wo nu ƒu abe ale si woƒoalu bablawo nu ƒu ɖe lugbɔƒee ene.13“Tsi tsitre, O Zion nyɔnuvi, eye nàtugu luelabena mana wò dzo nanye gayibɔ,wò afɔkli nanye akɔblieye nàgbã dukɔwo gudugudu.”Kɔ woƒe afunyinu ŋu na Yehowakple woƒe kesinɔnuwo ŋuna anyigba katã ƒe Aƒetɔ la.