Mika3ewe_bib

Mawu ka mo na kplɔlawo kple nyagblɔɖilawo

1Eye megblɔ be:“Miɖo to, mi Yakob ƒe kplɔlawo.Mi ame siwo le Israel ƒe aƒe dzi ɖum.Miawoe wòdze be mianya nyui tso vɔ̃ gbɔ2gake miawo boŋue gbe nu le nyui gbɔ eye mielɔ̃ vɔ̃.Mievuvu ayi le nye amewo ŋuye mievuvu lã le woƒe ƒuwo ŋuti.3Mieɖu nye amewo katã ƒe lã,vuvu ayi le wo ŋuti, gbã ƒu ɖe lãme na woeye miefli wo abe ale si woflia adelã dea zee ene.”
4Ekema woado ɣli ayɔ Yehowa gake matɔ na wo oeye aɣla eƒe mo ɖe wo ɖe nu vɔ̃ si wowɔ la ta.5Ale Yehowa gblɔe nye esi:“Mi nyagblɔɖila siwo kplɔa nye amewo tranae;ne ame aɖe na nu wo,woɖu la, wodoa ŋutifafa nɛ;ke ne ame aɖe mena nu wo o la,wohoa aʋa ɖe eŋuti.6Zã ado aƒo xlã mi eye miegale ŋutega kpɔ ge o;viviti atsyɔ mia dzi eye Mawu ƒe gbe mava na mi o.Ɣe aɖo to ɖe mia dzi eye ŋkeke ado viviti na mi.7Miaƒe nukpɔlawo aɖu ŋukpeeye woado ŋukpe miaƒe nukalawo.Woatsɔ asi atsyɔ moelabena gbe aɖeke metso Mawu gbɔ na wo o.”8Ke nye la, ŋusẽ yɔ menye taŋtaŋ,Yehowa ƒe Gbɔgbɔ le dzinyeeya ta matsɔ dzɔdzɔenyenyekple ŋusẽ aɖe gbeƒã Yakob ƒe nu tovowo wɔwɔkple Israel ƒe nu vɔ̃.
9Miɖo tom, mi Yakob ƒe aƒe ƒe kplɔlawokple mi ame siwo le Israel ƒe aƒe dzi ɖum.Mi ame siwo gbe nu le dzɔdzɔenyenye gbɔeye mietrɔa gbo nu siwo katã le dzɔdzɔe.10Mi ame siwo tu Zion ɖe ʋukɔkɔɖeanyi dzikple Yerusalem ɖe vɔ̃ɖinyenye dzi.11Miaƒe kplɔlawo xɔa zãnu hafi drɔ̃a ʋɔnu.Miaƒe nunɔlawo fiaa nu ɖe ga si woaxɔ taeye miaƒe Nyagblɔɖilawo gblɔa nya ɖi ɖe ga tagake woziɔna ɖe Yehowa ŋu gblɔna be:“Yehowa le mia domeeya ta vɔ̃ aɖeke mawɔ mí o.”12Miawo ta woaŋlɔZion abe agble ene,Yerusalem azu glikpo gã ɖekaeye to si dzi gbedoxɔ le la azu togbɛ si zu ave.