Mateo10ewe_bib
Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo
1Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo ƒo ƒu, eye wòna ŋusẽ wo be woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo le amewo me, eye woada dɔ sia dɔ ƒomevi.2Eƒe nusrɔ̃la wuieveawo ƒe ŋkɔwoe nye:Simɔn (ame si woyɔna hã be Petro) kple nɔvia Andrea, Yakobo kple nɔvia Yohanes, ame siwo nye Zebedeo ƒe viwo,3Filipo kple Bartolomeo; Toma kple Mateo, si nye nudzɔla; Yakobo, Alfeo ƒe vi, kple Tadeo;4Simɔn, ame si nye Zelotetɔ kple Yuda Iskariɔt, ame si va de Yesu asi.