Mose 322ewe_bib
1Yehowa gblɔ na Mose bena,2“Gblɔ na Aron kple via ŋutsuwo be woade bubu vɔsa kɔkɔe siwo ŋu Israelviwo kɔ nam la ŋu, ale be womaƒo ɖi nye ŋkɔ kɔkɔe la o. Nyee nye Yehowa.3“Tso azɔ dzi yi mavɔmavɔ me la, ne nunɔla aɖe si ŋu mekɔ o, tsɔ lã siwo amewo tsɔ va sa vɔe alo ka asi nu si Israelviwo tsɔ vɛ na Yehowa ŋu la, woaɖe nunɔlanyenye la le edzi, elabena nyee nye Yehowa.4“ ‘Ne Aron viwo dometɔ aɖe nye kpodɔléla alo dze abi si le tsi tsyɔm la, mekpɔ mɔ aɖu vɔsanu kɔkɔewo o va se ɖe esime eƒe lãme nasẽ. Ne nunɔla aɖe ka asi ame kuku aɖe ŋu alo ŋutsu si nye tsi, eye eŋu mekɔ o ŋu,5alo wòka asi lã tata alo lã makɔmakɔ aɖe ŋu alo wòka asi ame si ŋuti mekɔ o le nane ta la,6nunɔla ma ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ, eye maɖu vɔsanu kɔkɔe aɖeke o va se ɖe esime wòale tsi le fiẽ hafi.7Ne ɣe ɖo to la, ekema eŋu akɔ, eye wòate ŋu aɖu nu kɔkɔe la azɔ, elabena eya dzie wòanɔ agbe ɖo.8Mekpɔ mɔ aɖu lã aɖeke si ku le eɖokui si alo lã si lã wɔadã aɖe vuvu o, elabena nu sia ana wòagblẽ kɔ ɖo na eɖokui. Nyee nye Yehowa.9“ ‘Gblɔ na nunɔlawo be woawɔ se siawo dzi nyuie, ne menye nenema o la, woaɖi fɔ, eye woaku le se siawo dzi dada ta. Nyee nye Yehowa, ame si kɔ wo ŋuti.10“ ‘Ame si menye nunɔla o la mekpɔ mɔ aɖu vɔsanu kɔkɔe la o. Nunɔla ƒe amedzro alo agbatedɔwɔla mekpɔ mɔ aɖu nu sia o.11Ke ame bubu siwo ate ŋu aɖui koe nye kluvi si nunɔla aɖe ƒle kple eya ŋutɔ ƒe ga kple vi siwo kluvi la dzi le nunɔla la ƒe aƒe me.12Ne nunɔla aɖe ƒe vinyɔnu ɖe srɔ̃ tso to bubu me la, mekpɔ mɔ aɖu nu kɔkɔe la o.13Ke ne enye ahosi alo eƒe srɔ̃ɖeɖe me gblẽ, viŋutsu aɖeke mele esi akpɔ edzi o, eye wògatrɔ va fofoa ƒe aƒe me la, ekema agate ŋu akpɔ gome le fofoa ƒe nuɖuɖu me. Le ame siawo megbe la, ame siwo mele nunɔlawo ƒe ƒomewo me o la mekpɔ mɔ aɖu nu sia o.14“ ‘Ne amedzro aɖe ɖu nu kɔkɔe la le ŋuɖeɖi me la, axe nu si wòɖu la ƒe fe na nunɔla, eye wòatsɔ home la ƒe memama atɔ̃lia ƒe ɖeka akpe ɖe eŋu,15elabena ame siwo mekpɔ mɔ aɖu vɔsanu kɔkɔe la o la magblẽ kɔ ɖo na vɔsanu kɔkɔe siwo Israelviwo tsɔ vɛ la o, elabena Yehowae wotsɔ vɔsanu siawo vɛ na.16Ne ame aɖe da le se sia dzi la, eɖi fɔ, eye wòde eɖokui dzɔgbevɔ̃e gã aɖe me, elabena eɖu nunana kɔkɔe la, elabena nyee nye Yehowa, ame si kɔa nunanawo ŋuti.’ ”