Konyifahawo4ewe_bib

Zion ƒe tohehe

1Aleke sika bu eƒe keklẽeye sika nyui nyɔ vĩ ale!Wokaka kpe kɔkɔeawo ɖe kpɔdomeƒe dzogoewo katã dzi.2Aleke Zion viŋutsu vevisiwo ŋu kpekpeme nɔ tsã abe sika ene la,le azɔ abe anyize si nye zemela ƒe asinudɔwɔwɔ ene!3Amegaxiwo kekeake gɔ̃ hã naa no wo viwo wononagake nye amewo va zu ŋlɔmitɔwoabe tsatsaboli le dzogbe ene.4Tsikɔ na be vidzĩwo ƒe aɖe lé ɖe nu me na wo;ɖevi suewo bia abolo kple kukuɖeɖegake ame aɖeke meli ana wo o.5Ame siwo ɖu nu vivi kpeɖiwo tsã la,zu ame ɖigbɔ̃wo le kpɔdomewo.Ame siwo ta ago veviwo tsã la,mlɔ gbeɖuɖɔ me fifia.6Nye amewo ƒe tohehe lolo wu Sodom tɔ,du si wogbã ƒu anyi le aɖabaƒoƒo ɖeka meeye asi aɖeke meli akpe ɖe eŋu o.7Woƒe dumegãwo da dzo wu sno,wofu wu nyinotsi,woƒe ŋutilã biã wu soeeye woƒe dzedzeme le abe gbloti ene.8Ke azɔ la, wonyɔ wu zemabieye ame aɖeke gɔ̃ hã medzea si wo le kpɔdomewo o.Woƒe ŋutigbalẽ lé ɖe woƒe ƒu ŋuti kpaɖii,eye woƒu abe nake ene.9Ame siwo tsi yi nu la tɔ nyo wuame siwo ku ɖe dɔwuame ta.Elabena dɔwuame na wogbɔdzɔ,heɖiku glãŋui,le agblemenuku ƒe anyimanɔmanɔ ta.10Nyɔnu siwo ame ƒe nu wɔa nublanui na la tsɔwoawo ŋutɔ ƒe asiwo lé wo viwo ɖa,eye wozu nuɖuɖu na wo esi wonɔ nye amewo tsrɔ̃m.11Yehowa nyɔ eƒe dziku ƒe aɖi katãeye wòtrɔ eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ kɔ ɖi.Edo dzo ɖe Zioneye wòfia eƒe gɔmeɖokpewo.12Anyigbadzifiawo mexɔe se kaka,amewo nayi exɔ ge ase be,futɔwo kple ketɔwo ate ŋu age ɖeYerusalem ƒe agbowo me o.13Gake edzɔ, le eƒe Nyagblɔɖilawo ƒe nu vɔ̃kple eƒe nunɔlawo ƒe nu tovowo ta,ame siwo kɔ ame dzɔdzɔewo ƒe ʋu ɖe dua me.14Azɔ wole asi tsam le kpɔdomewoabe ŋkuagbãtɔwo ene.Woƒo ʋu ale gbegbe be,ame aɖeke medo dzi ka asi woƒe awuwo ŋuti o.15Amewo doa ɣli ɖe wo ta be,“Midzo le afi sia!Mi ame makɔmakɔwo!Mite yi! Mite yi!Migaka asi mía ŋuti o!”Ke esi wosi dzo le tsaglãla tsam la,amewo le dukɔwo me gblɔna na wo be,“Womate ŋu aganɔ teƒe sia o.”16Yehowa ŋutɔe kaka wo,megale wo ta kpɔm o.Womegadea bubu nunɔlawo ŋualo vea dumegãwo nu o.17Gawu la, ɖeɖi te míaƒe ŋkuwo ŋuesi wole mɔ kpɔm na kpekpeɖeŋu si meli o;tso míaƒe gbetakpɔxɔwo me,míekpɔ mɔ na dukɔ si mate ŋuaɖe mí o la be wòava.18Amewo le ŋku lém ɖe míaƒe afɔɖeɖeɖe sia ɖe ŋu ale gbegbe be,míagate ŋu ado go azɔle míaƒe ablɔwo dzi o.Míaƒe nuwuwu tu aƒe,woxlẽ míaƒe ŋkekewoelabena míaƒe nuwuwu va ɖo.19Ame siwo le mía yome tim laɖia du wu hɔ̃ le yame;woti mía yome le towo dzieye wode xa ɖi na mí le gbegbe.20Yehowa ƒe amesiamina la,si nye míaƒe agbegbɔgbɔ gɔ̃ hã ge ɖe woƒe mɔ me.Míebu xaa be le eƒe vɔvɔli te la,míanɔ dedie le dukɔwo dome.21O, Edom vinyɔnu, tso aseye,wò ame si le Uznyigba dzi.Gake wòe woatsɔ kplu la ade asi na,amu wò eye woaɖe ama wò.22O, Zion vinyɔnu, wò tohehe awu enu,wò aboyomenɔnɔ magadzi ɖe edzi o.Gake O, Edom vinyɔnu ahe to na wò nu vɔ̃woeye wòaɖe wò vɔ̃ɖinyenye ɖe go.