Yosua15ewe_bib
Teƒe si wona Yuda
1Anyigba si wotsɔ na Yuda ƒe viwo la ƒe anyigbemeliƒo dze egɔme tso Edom ƒe dzigbemeliƒo dzi, tso Zin gbegbe la, eye wòtɔ Negeb ƒe dzieheliƒo.2Dzieheliƒo sia tso Dzeƒu alo Ƒukuku la to le anyigbeme3ɖo ta dziehe tso Akrabim to dzi mɔ la gbɔ heyi Zin. Eɖo ta dziehe to Kades Barnea, to Hezron heyi Adar, trɔ ɖo ta Karka,4eye wòyi Azmon. Eto tɔʋu si le Egipte ƒe liƒo dzi la ŋu heyi ɖatɔ Domeƒu la. Esia nye Yuda ƒe anyigbemeliƒo.5Ɣedzeƒeliƒo la tso Dzeƒu la ŋu yi Yɔdan tɔsisi la nu. Anyigbemeliƒo la dze egɔme tso afi si Yɔdan tɔsisi la de nu Dzeƒu la me le,6hetso eme yi Bet Hogla, Bet Araba ƒe anyiehe yi Bohan, Ruben ƒe vi ƒe kpe la gbɔ.7Tso afi ma la, liƒo la to Akɔr ƒe balime yi Debir, eye wòtrɔ yi anyiehe kple ɣetoɖoƒe dome ɖo ta Gilgal le Adumim towo ƒe akpa kemɛ dzi, le balime la ƒe dziehe lɔƒo. Egayi En Semes ƒe tsi dzidziwo gbɔ heyi En Rogel.8Liƒo la to Ben Hinom ƒe Balime azɔ, to Yebus, afi si wotso Yerusalem ɖo ƒe dziehe lɔƒo, to ɣetoɖoƒe yi toawo dzi le Ben Hinom ƒe Balime tame heyi ɖase ɖe Refaim ƒe balime ƒe seƒe le dzigbeme.9Egatso to la tame heyi Nef to la ƒe tsi dzidziwo gbɔ heyi du siwo le Efrɔn to dzi la gbɔ hafi trɔ ɖo ta dzigbeme, ƒo xlã Baala (si wogayɔna be Kiriat Yearim)10ɖo ta Edom ƒe to Seir gbɔ, yi Yearim to alo Kesalon ƒe dzigbeme, yi Bet Semes heto Timna ŋu.11Liƒo la yi togbɛ siwo le Ekron ƒe dzigbeme la gbɔ, trɔ ɖo ta Sikeron to, Baala to la ŋu, yi Yabneel hewu nu ɖe Domeƒu la to.12Ke ɣetoɖoƒeliƒo enye ƒu gã la kple eŋu nyigbawo.Esia nye Yudaviwo ƒe liƒo godoo va kpe le woƒe ƒomeawo nu.