Yoel1ewe_bib

1Esiae nye gbedeasi si va na Yoel, Petuel ƒe vi, tso Yehowa gbɔ.

Ʋetsuviwo ƒe vava

2Miɖo to afii, mi Israel ƒe ame tsitsiwo!Mi anyigbadzitɔwo, mise nya sia ɖa.Le miaƒe agbemeŋkekewo katã me ɖe,miese nya sia tɔgbi kpɔa?3Mitsɔe xlɔ̃ nu mia viwoeeye woawo hã nagblɔe na wo viwone wòazu xotunya tso dzidzime yi dzidzime.4Nu siwo ʋetsuviwo ƒe ha gã agblẽ ɖi la,ʋetsuviwo aɖui,nu siwo ʋetsuviwo agblẽ ɖi la,ʋetrawo aɖui, eye nu siwo ʋetrawo agblẽ ɖi la,abɔwo aɖui.
5Minyɔ, mi ahanomunɔwo,ne miafa avi hehehe,mi waintsunolawo,mifa avi, elabena woɖe wain le miaƒe nu me,eye miagakpɔ wain yeye ano o!6Dukɔ gã aɖe va xɔ anyigba la katã dzi.Ŋɔdzi le wo ŋu ŋutɔeye ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo o,evɔ woƒe aɖuwo hã le ɖaɖam abe dzatatsu ƒe aɖuwokple dzatanɔ ƒe tsyowo ene!7Wogblẽ nye waingble dome.Wogblẽ nye gbotiwo,wokuko tsro le atilɔwo ŋuti ƒiaƒiaƒia eye wofu ɣie.
8Mifa konyi abe ale si ɖetugbi siƒe ŋugbetɔsrɔ̃ ku la wɔnɛ ene.9Nuɖuvɔsa kple nunovɔsa le Yehowa ƒe gbedoxɔ me nu tso;ale dɔwuame to na nunɔlaawokple ame siwo subɔna le Yehowa ƒe aƒe meeye wole konyi fam.10Agblewo ɖi gbɔlo, anyigba ƒu kplakplakpla,bliwo dome gblẽ,wain yeye megali o, eye ami hã nu tso.
11Azɔ mi agbledelawo,dzika netso mia ƒo, eye mialulũ,mi waingbledelawo,mifa avi sesĩe.Mifa avi ɖe lu kple ƒo hã taelabena nuŋeŋe nu tso le agble me.12Wainkawo ku, gboti yrɔ,yevuboɖatiwo ƒu,detiwo kple atɔtɔŋutiwokple agblemetiwo katã kura hã ku.Amegbetɔ ƒe dzidzɔ ɖe sia ɖe nu tso.

Yɔyɔ hena dzimetɔtrɔ

13O mi nunɔlawo, mita akpanya eye mixa nu.Mifa avi, mi ame siwo subɔna le vɔsamlekpui la ŋgɔ,mitsi ŋu dɔ miafa avi zã blibo la katã,mi ame siwo subɔna le nye Mawu ŋkume.Elabena womagatsɔ nuɖuvɔsakple nunovɔsa va miaƒe Mawu la ƒe aƒe me o.14Miɖo nutsitsidɔ kɔkɔeeye miyɔ takpekpe tɔxɛ.Miyɔ ame tsitsiwokple anyigbadzinɔlawo katã yi ɖe Yehowa, miaƒe Mawu laƒe gbedoxɔ me eye miafa avi le afi ma na Yehowa.
15O ŋkeke ma!Elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe.Ava abe gbegblẽ ene tso Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ.
16Ɖe nuɖuɖuwo mevɔ le mia ŋkume eye dzidzɔkple aseyetsotso le miaƒe Mawu laƒe gbedoxɔ me mawu enu oa?17Nukuwo ƒaƒã ɖe woƒe gowo me,blivawo kple texɔwo tsi ƒuƒlueye bli matsimatsiwo ku, heƒu ɖe bo dzi.18Nyiwo le ŋeŋem,nyihawo le nu kpɔm nublanuitɔe,elabena nuɖuɖu meli na wo o,eye alẽhawo le fu kpem.
19Yehowa, xɔ na mí!Elabena dzo bi gbe damawo,eye dzo ƒe aɖe fia atiwo katã le gbedzi.20Gbemelãwo gɔ̃ hã le ɣli dom be nàxɔ na yewo,elabena tsi mie le tɔʋuwo me,dzo bi gbe siwo le lãnyiƒewo keŋ.