Hiob6ewe_bib

Hiob ƒe Ŋuɖoɖo

1Tete Hiob ɖo eŋu nɛ be,2“Ne ɖe woada nye veveseseeye woada nye fukpekpewo ɖe nudanu me ɖe!3Vavã woakpe wu ke si katã le ƒuta,eya ta mewɔ nuku be nye nyawo mele ame ŋu dzem o.4Ŋusẽkatãtɔ la ƒe aŋutrɔwo le nye lãme,nye gbɔgbɔ le aɖi si le dodom le wo me la nom.Woƒo Mawu ƒe ŋɔdzidodowo nu ƒu ɖe ŋunye.5Ɖe gbetedzi xlɔ̃na ne ele gbe mumu gbɔalo nyi xlɔ̃na ne wotsɔ gbe ƒuƒu nɛ be wòaɖua?6Ɖe woaɖu nu vɔvɔ dzemademeealo ɖe koklozi ƒe ɣia vivinaa?7Megbe be nyemaɖui o,nuɖuɖu mawo tɔgbi ɖe wònana medzea dɔ.
8“O, ne ɖe woana nu si mebia lam,ne Mawu ɖe wòana nu si mele mɔ kpɔm na lam,9ne Mawu ɖe wòalɔ̃ agbãm gudugudueye wòaɖe ka eƒe asi ɖe dzinye, ahawum ɖe!10Ekema esia aganye akɔfafa nam kokple nye dzidzɔ le vevesese si nu mele tsotsom o la me be,nyemagbe nu le Kɔkɔetɔ la ƒe nyawo gbɔ o.
11“Ŋusẽ kae gale asinyebe maganɔ mɔ kpɔm?Mɔnukpɔkpɔ kawoe gali ta magbɔ dzi ɖi?12Kpe ƒe ŋusẽe le asinyea?Akɔblie nye nye ŋutilãa?13Ɖe ŋusẽ aɖe le asinye be makpe ɖe ɖokuinye ŋu,esi azɔ la wonya dzidzedzekpɔkpɔ ɖa le ŋunyea?
14“Ele na xɔlɔ̃wo be woakpe ɖeame si ƒo dzi ɖe le la ŋutogbɔ be egbe nu le Ŋusẽkatãtɔ vɔvɔ̃ gbɔ hã.15Ke womate ŋu aɖo dzi ɖe nɔvinye ŋutsuwo ŋu oelabena wole abe tɔʋu si miena le kuɖiɣi enealo abe tɔʋu si ɖɔna gbagbana,16ne tsikpe si le ete doe ɖe dzi,ne sno si dza ɖe edzi la lolohena wòsɔ gbɔ ɖe edzi17gake eƒe sisi nu tsona ne kuɖiɣi ɖoeye dzoxɔxɔ nana wòmiena la ene.18Asihawo ɖea asi le woƒe mɔwo ŋu hedzea gbe toa tagbaeye wokuna ɖe mɔ dzi.19Asiha siwo tso Tema la le tsi dim,asigbedela siwo tso Seba la le mɔ kpɔm.20Ke woƒe dzi tsi dzi elabena kakaɖedzi nɔ wo si hafigake esi wova ɖo afi ma la, ŋukpe ko woɖu.21Azɔ miawo hã mieɖee fia be, mienye ŋudɔwɔnu aɖeke o,miekpɔ nu si ŋu ŋɔdzi le eye mievɔ̃.22Ɖe megblɔ kpɔ be,‘Mina nane ɖe nunye,mixe fe ɖe tanye tso miaƒe kesinɔnuwo me,23miɖem le ketɔ la ƒe asi mealo mixɔm le ŋutasẽla ƒe fegomea?’
24“Mifia num eye mazi ɖoɖoe;mifia afi si meda ƒu le lam.25Aleke nyateƒenyawo mehe venae o!Ke nu ka miaƒe nyahehewo ɖe fia?26Ɖe miedi be yewoaɖɔ nya si megblɔ la ɖoeye miawɔ ame si ƒo dzi ɖe le laƒe nyawo abe yaƒoƒo enea?27Miadzidze nu gɔ̃ hã ɖe tsyɔ̃eviwo dzieye miatsɔ mia xɔlɔ̃wo gɔ̃ hã aɖɔli nue.
28“Azɔ la, minyo dɔ me miatrɔ mo ɖe gbɔnye,ɖe mate ŋu ada alakpa le mia ŋkumea?29Miɖe asi, migawɔ nu madzɔmadzɔ omigbugbɔ bu eŋutielabena nye nuteƒewɔwɔ ɖo xaxa me.30Ɖe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi aɖe le nye nuyiwo dzia?Ɖe nye nu made dzesi beble oa?”