Hiob5ewe_bib
1“Ne àlɔ̃ la, yɔ ame aɖegake ame kae atɔ na wò?Kɔkɔetɔwo dometɔ ka ŋu nàtrɔ ɖo?2Tosesẽ wua bometsilaeye ŋubiã wua numanyala.3Nye ŋutɔ mekpɔ bometsila wònɔ ke tomgake kasia woƒo fi de eƒe aƒe.4Dedinɔnɔ le adzɔge ke na viawo,wobua fɔe le ʋɔnueye ame aɖeke meli aʋli eta o.5Dɔwuitɔwo ɖua nuku si wòxa,woɖea esiwo tsi ŋuwo me gɔ̃ hãeye ame siwo wum tsikɔ le laƒe ve me ƒuna ɖe eƒe kesinɔnuwo ŋu.6Elabena fukpekpe medoa go tso ke mealo dzɔgbevɔ̃e medona tso anyigba tume o.7Gake abe ale si dzoxi dzona yia dzii ene la,nenemae wodzi ame na hiãtuame.8“Ke nenye nyee wònye la,anye ne maɖe kuku na Mawuatsɔ nye nya aɖo eƒe ŋkume.9Ewɔa dzesi siwo gɔme womate ŋu ase oeye wòwɔa nukunu siwo womate ŋu axlẽ o.10Enana tsi dzana ɖe anyigba dzi,eye wòɖoa tsi ɖe gbegbe.11Edoa ɖokuibɔbɔlawo ɖe dzieye wòkɔa ame siwo le nu xam ladana ɖe dziɖeɖi me.12Egblẽa ayetɔwo ƒe ɖoɖowo me,ale be woƒe asiwo mekpɔa dzidzedze o.13Eléa nunyalawo le woƒe ayemenuwɔwɔwo meeye wòkplɔa ame drãwo ƒe nu drã wɔwɔ dzonae.14Viviti dona ɖe wo le ŋkeke meeye wotsaa asi blukɔ me abe zã mee ene.15Eɖea hiãtɔwo tso yi si le woƒe nu me la meeye wòɖea wo le ŋusẽtɔwo ƒe fego me.16Ale mɔkpɔkpɔ ɖoa hiãtɔ sieye nu madzɔmadzɔ miaa eƒe nu.17“Woayra ŋutsu si Mawu ɖɔna ɖoeya ta mègado vlo Ŋusẽkatãtɔ la ƒe amehehe o.18Elabena edea abi ame ŋu eye wògablanɛ,ewɔa nuvevi ame gake eƒe asi yɔa dɔ.19Aɖe wò le dzɔgbevɔ̃e ade meeye le adrelia me la,vɔ̃ aɖeke mawɔ wò o.20Aɖe wò le ku ƒe asi me le dɔŋɔli eye le aʋa me la,aɖe wò le yi ƒe asi me.21Aɖe wò le aɖeɖiƒoame me,eye màvɔ̃ ne gbegblẽ va o.22Wò la àko nu ne gbegblẽ kple dɔwuame le nu gblẽmeye màvɔ̃ anyigbadzilã wɔadãwo o.23Elabena wò kple kpe siwo le agble me la miabla nueye lã wɔadãwo anɔ anyi kpli wò le ŋutifafa me.24Ànyae be wò agbadɔ le dedieeye ne èxlẽ wò nunɔamesiwo la,àkpɔe be ɖeke mebu o.25Ànyae be viwòwo asɔ gbɔeye wò dzidzimeviwo asɔ agbɔ abegbe mumu le anyigba dzi ene.26Ànɔ agbe wòade edeƒe,ayi yɔ me kple dzidzɔ abe lu yewoxa hebla le nuŋeɣi ene.27“Míedo esia kpɔ eye wònye nyateƒe.Eya ta see ne nànɔ agbe ɖe eŋu.”