Hiob39ewe_bib

1“Ènya ɣeyiɣi si todzigbɔ̃wo dzia via?Ènɔa eteƒe hafi zinɔ fɔa fua?2Èxlẽa ɣletiwo va se ɖe woƒe vidziɣia?Ènya ɣeyiɣi si wodzia via?3Wodzea klo hedzia vieye woƒe kuléle wua nu.4Wo viwo tsina eye ŋusẽ ɖoa wo ŋu le gbe me,ale wodzona eye womegagbɔna vaa wo dadaa gbɔ o.
5“Ame kae na ablɔɖe gbetedzi?Ame kae tu kae?6Metsɔ gbegbe nɛ be wòanye eƒe aƒekple dzeƒi gbadza la nɛ be wòanye enɔƒe.7Hoowɔwɔ si le edzi yim le dua me lale kokoe ɖim nɛ eye mele tasiaɖamkula ƒe ɣlidodo sem o.8Etsana le togbɛwo dzi dia gbeɖuƒeeye wòtsaa ŋu na gbe mumu ɖe sia ɖe.
9“Ɖe to si le gbe me la alɔ̃ asubɔ wòa?Atɔ ɖe wò gbeɖuƒe le zã mea?10Àte ŋu ade kae ɖe agbleŋlɔnu ŋua?Alɔ̃ anɔ yowòme aŋlɔ balimea?11Ɖe nàɖo ŋu ɖe eŋu le eƒe ŋusẽ gã la ta?Àtsɔ wò dɔ kpekpewo agble ɖe eƒe asi mea?12Àte ŋu aɖo dzi ɖe eŋu be atsɔ wò lu agbɔe na wò dedieeye wòaƒoe ƒu ɖe wò lugbɔƒea?
13“Golo ƒoa eƒe aʋala kpakpakpa dzidzɔtɔegake womate ŋu atsɔe asɔkple damixe ƒe fu kple aʋalã o.14Eɖaa eƒe azi ɖe anyigba,enana ke xɔdzo dea dzo eme15eye metsɔ ɖeke le eme be,ame aɖe ate ŋu aɖo afɔ edzi, agbãe loo,alo lã wɔadã aɖe agbãe o.16Esẽa ŋuta le viawo ŋu abe menye eyae dzi wo oene eye metsɔa ɖeke le eme neeƒe agbagbadzedze zu dɔ vlo o.17Elabena Mawu mena nunyaealo na susu nyuie o.18Ke hã la, ne ekeke aʋala me, hedze duƒuƒu gɔme la,sɔ kple sɔdola ƒe nu ɖia kokoe nɛ.
19“Wòe na ŋusẽ sɔalo wòe tsɔ kɔdza de kɔ nɛa?20Wòe na wòtia kpo abe ʋetsuvi eneeye wòdoa ŋɔdzi kple eƒe ŋɔtimegbɔgbɔa?21Etsɔa eƒe afɔkli kaa nu ŋɔdzitɔe,ekpɔa dzidzɔ ɖe eƒe ŋusẽ ŋueye wòlũna ɖe aʋakɔ dzi.22Vɔvɔ̃ doa nukokoe nɛ eye mevɔ̃a naneke o,yi gɔ̃ hã medoa ŋɔdzi nɛ o.23Aŋutrɔwo le wo nɔewo lɔm le eƒe axadzi,nenema kee nye akplɔ siwo le dzo dam kple yi.24Ele anyigba ɖum esi wògli kple dzidzɔ manyagblɔ,mate ŋu anɔ te va se ɖe esime kpẽ naɖi o.25Edo ɣli be, ‘Aha!’ ne kpẽa ɖi.Esea aʋa ƒe ʋeʋẽ le adzɔge kekple aʋakplɔlawo ƒe gbeɖeɖe kple aʋaɣli.
26“Ɖe aʋako dzona yia dzi ʋĩi le wò nunya nueye wòkekea eƒe aʋalã heɖoa ta dziehea?27Ɖe hɔ̃ dzona yia dzi ʋĩi le wò gbeɖeɖe nueye wòwɔa eƒe atɔ ɖe kɔkɔƒea?28Enɔa togbɛ kɔkɔ dzi eye wòtsia afi ma le zã me,agakpe tsakli tomee nye eƒe bebeƒe.29Afi ma wòdia eƒe nuɖuɖu tsonaeeye eƒe ŋku kpɔnɛ le adzɔge ke.30Ʋu nye nuɖuɖu na viawoeye afi si aʋatsilawo le la,afi ma wònɔna.”