Hiob36ewe_bib

1Elihu yi edzi be,2“Kpɔ nye asinu vie eye maɖee afia wòbe nya geɖewo li magblɔ ɖe Mawu nu.3Mexɔa nye gɔmesese tso afi aɖeke ɖaa,eya ta matso na nye Wɔla.4Kakaɖedzi nenɔ asiwò be,nye nyawo menye aʋatso oeya ta ame si si gɔmesese deto le lae le gbɔwò.
5“Mawu nye Ŋusẽtɔ,etri akɔ eye meʋãna le eƒe taɖodzinu me ogake medoa vlo amewo o.6Menana ame vɔ̃ɖiwo nɔa agbe o,ke boŋ ekpɔa hiãtɔwo ƒe hiahiãwo gbɔ na wo.7Meɖea eƒe ŋku ɖa le ame dzɔdzɔewo ŋu o,eɖoa wo zi dzi ɖe fiawo xaeye wòdoa wo ɖe dzi tegbetegbe.8Ke ne wode ga amewo,hebla wo sesĩe kple hiã ƒe kawo la,9egblɔa nu si wowɔ la na wo,esi nye be wowɔ nu vɔ̃ dadatɔe.10Enana woɖoa to ɖɔɖɔɖo eye wòɖea gbe na wo bewoatrɔ le woƒe nu vɔ̃ɖi la me.11Ne woɖo to eye wosubɔe la,woanɔ woƒe agbemeŋkeke mamlɛawo le nukpɔkpɔ meeye woƒe ƒewo ayɔ fũu kple dzidzeme.12Ke ne womeɖo to o la,yi atsrɔ̃ wo eye woaku numanyamanyae.
13“Fuléle le dzi me na Mawumavɔ̃lawo,ne ede kunyowu woƒe afɔwo hã la,womedoa ɣli be woaxɔ na yewo o.14Wokuna le woƒe ɖekakpui dzodzoe me,ɖe ŋutsu gbolowɔla siwo nɔa trɔ̃xɔwo me la dome.15Ke eɖea ame siwo le fu kpem lale woƒe fukpekpewo meeye wòƒoa nu na wo le woƒe xaxa me.
16“Ele nuwò blem be nàdo go tso xaxa ƒe glã me,ava teƒe keke, ahavo tso dzizizi meeye nànɔ wò kplɔ̃ si dzi nuɖuɖu damiwole fũu la ŋu le dziɖeɖi me.17Ke azɔ la, wotsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ si dze naame vɔ̃ɖiwo la do agbae na wò,ale nège ɖe afiatsotsokple tohehe ƒe asi me.18Kpɔ nyuie be ame aɖeke metsɔ kesinɔnuwo ble nuwòe oeye zãnu si le kpekpem segee la nana nàdze ɖe aga o.19Ɖe wò kesinɔnuwo alo wò kutrikuku veviwo katãalé wò ɖe asi be màɖo xaxa me oa?20Wò dzi megatsi dzi ɖe zã ƒe dodo ŋu ne nàheamewo ado goe le woƒe aƒewo me o.21Kpɔ nyuie be mètrɔ ɖe nu vɔ̃ɖi,si nèdi wu hiã la ŋu o.
22“Kpɔ ɖa, wodo Mawu ɖe dzi bobobo le eƒe ŋusẽ me.Ame kae nye nufiala abe eya ene?23Ame kae tia mɔ siwo wòato la nɛ alo gblɔ nɛ be,‘Èwɔ nu gbegblẽ?’24Ɖo ŋku edzi, nàdo eƒe dɔwɔwɔwo ɖe dzi,siwo amewo kafuna le woƒe hadzidziwo me.25Amegbetɔwo katã kpɔeeye agbagbeawo ɖea ŋku ɖee tso adzɔge.26Mawu lolo loo, ekɔ gbɔ míaƒe gɔmesese ta!Eƒe ƒewo ƒe gɔmedidi gbɔ míaƒe nudidi ƒe ŋutete ta.
27“Ehea tsi si le gegem toŋtoŋtoŋ la ƒoa ƒu,si dzana abe tsi ene ɖe tɔʋuwo me,28lilikpowo hã lolõa tsi si le wo me,eye tsi dzana bababa ɖe amegbetɔwo dzi.29Ame kae ase ale si wòkeke lilikpowo,kple ale si wòɖea gbe tso eƒe agbadɔ me la gɔme?30Kpɔ ale si wòkaka eƒe dzikedzo ƒo xlã eɖokuieye wòblu atsiaƒu ƒe gogloƒewo ke hã ɖa.31Aleae wòkplɔa dukɔwoe eye wònaa nuɖuɖuwo le agbɔsɔsɔ me.32Etsɔa dzikedzo yɔa eƒe asiwo meeeye wòdɔnɛ be wòake dzo ɖe nu si wòɖoe na la dzi.33Eƒe dziɖegbe ɖea gbeƒã ahom si gbɔna,nyiwo gɔ̃ hã ɖea gbeƒã, ne egbɔna.