Hiob35ewe_bib

1Tete Elihu yi eƒe nuƒoa dzi be,2“Èsusu be esia le dzɔdzɔea?Ègblɔ be, ‘Mawu atso afia nam’3gake nèhele ebiam be,‘Viɖe ka wònye nam eye nu ka makpɔle eme ne nyemewɔ nu vɔ̃ o?’
4“Medi be maɖo eŋu na wòkple xɔ̃wò siwo le gbɔwò.5Wu mo dzi nàkpɔ dziƒo ɖa,le ŋku ɖe lilikpo siwo le dziƒo boo le tawòme6Ne èwɔ nu vɔ̃ la, nu ka wòawɔ le eŋu?Ne wò nu vɔ̃wo sɔ gbɔ fũu la,nu ka wòagblẽ le eŋu?7Ne ènye dzɔdzɔetɔ la, nu kae nètsɔ nɛ,alo nu kae wòxɔ tso asiwò me?8Ame abe wò ene ko dzie wò vɔ̃ɖivɔ̃ɖi awɔ dɔ ɖoeye amegbetɔviwo ko dzie wòdzɔdzɔenyenye awɔ dɔ ɖo.
9“Amewo le ɣli dom le teteɖeanyiƒe agba kpekpewo te,wole kuku ɖem be woana gbɔdzɔe yewo tsoŊusẽtɔ la ƒe alɔ sesẽ te10gake ɖeke mebia be, ‘Afi ka Mawu,nye Wɔla, ame si nana kafuhawo ɖina le zã me,11ame si fiaa nu geɖewo mí,wu gbemelã siwo le anyigba dzieye wòwɔ mí nunyalawoe wu dziƒoxeviwo la le?’12Ne amewo le ɣli dom nɛ la, metɔna o,le ame vɔ̃ɖiwo ƒe ɖokuiŋudzedze ta.13Vavã, Mawu meɖo to woƒe kokoƒoƒo gbɔlo la oeye Ŋusẽkatãtɔ la do toku wo.14Ne meɖo to emawo o la,aleke wòaɖo to esia ya boŋ esi nègblɔ be,mele ekpɔm o, wò nya la le eƒe asi me,eye ele be nàlalae.15Gawu la, egblɔ be eƒe dziku mehea to na ame gbeɖe oeye menyea kɔ kpɔa vɔ̃ɖivɔ̃ɖi gɔ̃ hã o.16Ale Hiob ke eƒe nu hegblɔ nya dzodzrowoeye wòlɔ nya siwo me gɔmesese aɖeke mele ola kɔ ɖi gleglegle.”