Hiob34ewe_bib

1Tete Elihu gblɔ be,2“Mise nye nyawo, mi nunyalawo,miɖo tom, mi nugɔmeselawo,3elabena to doa nyawo kpɔabe ale si aɖe ɖɔa nuɖuɖu kpɔe ene.4Mina míadze si nu si le dzɔdzɔe la na mía ɖokuieye mina míasrɔ̃ nu si nyo la ɖekae.
5“Hiob gblɔ be, ‘Nyemeɖi fɔ ogake Mawu gbe afiatsotso nam6Togbɔ be tɔnye dzɔ hã la, wobum alakpatɔe,togbɔ be nyemeɖi fɔ o hã la,eƒe aŋutrɔ de abi makumaku ŋutinye’7Ame kae le abe Hiob,ame si no fewuɖuɖu abe tsi ene?8Edea ha kple nu vɔ̃ɖi wɔlawoeye wòbɔa ha kple ame vɔ̃ɖiwo.9Elabena egblɔ be,‘Viɖe aɖeke mele eme ne èdze agbagba beyeadze Mawu ŋu o.’
10“Eya ta miɖo tom, mi ŋutsu nugɔmeselawo.Nete ɖa xaa tso Mawu gbɔ, be wòawɔ nu vɔ̃ɖikple Ŋusẽkatãtɔ la, be wòawɔ nu gbegblẽ.11Ewɔna na ame ɖe nu si wòwɔ la nueye wòhea nu si eƒe nuwɔnawo dze na la vaa edzii.12Mele be wòava ame ƒe ta me gɔ̃ hã beMawu awɔ nu gbegblẽalo be Ŋusẽkatãtɔ la atso afia ŋkunɔ o.13Ame kae tsɔe ɖo anyigbadzikpɔlae?Ame kae tsɔe ɖo xexea me katã nu?14Ne enye eƒe tameɖoɖoeye wòɖo asi eƒe gbɔgbɔkple agbegbɔgbɔ dzi la,15amegbetɔwo katã atsrɔ̃eye ame atrɔ azu anyi.
16“Ne gɔmesese le asiwò la, se nya sia,lé to ɖe nu si gblɔ ge mele la ŋuti.17Ɖe ame si tsri afia nyui tsotso la ate ŋu akplɔ dua?Ɖe nàbu fɔ dzɔdzɔetɔ kple Ŋusẽtɔ la?18Ɖe menye Eyae nye ame si gblɔ na fiawo be,‘Mienyo na naneke o’eye na bubumewo be,‘Ame vɔ̃ɖiwo mienye’ oa,19ame si medea amegãwo dzi oeye mewɔa nyui na kesinɔtɔwo,gblẽa ame dahewo ɖi o,elabena wo katã nye eƒe asinudɔwɔwɔwo oa?20Wokuna kpata le zãtitina,ameawo ʋuʋuna eye wo nu va yinaale woɖea kalẽtɔwo ɖa amegbetɔ ƒe asi manɔmee.
21“Eƒe ŋkuwo le amegbetɔwo ƒe mɔwo ŋu,ekpɔa woƒe afɔɖeɖe ɖe sia ɖe.22Teƒe doblukɔ alo teƒe doviviti tsiɖitsiɖitsiɖi aɖeke melisi nu tovo wɔlawo asi abe ɖo o.23Mehiã be Mawu nado amegbetɔwo kpɔ ayi ŋgɔalo woava eŋkume wòadrɔ̃ ʋɔnu wo o.24Mekua nya gɔme hafi kakaa ŋusẽtɔwo,eye wòtsɔa ame bubuwo ɖoa wo teƒe o.25Elabena eƒe ŋku le woƒe nuwɔnawo ŋueya ta etua asi wo ƒua anyi le zã me,eye wogbãna gudugudugudu.26Ehea to na wo ɖe woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ta,le afi si ame sia ame ate ŋu akpɔ wo le27elabena wotrɔ le eyomeeye womegatsɔ ɖeke le eme na eƒe mɔ aɖeke o.28Wona ame dahewo ƒe konyifafa va eŋkume,ale be wòse hiãtɔwo ƒe ɣlidodo29Ke ne ezi ɖoɖoe kpoo la, ame ka abu fɔe?Ne eɣla eƒe mo la, ame ka ate ŋu akpɔe?Ke hã la, ele amewo kple dukɔwo tame sɔsɔe,30be maɖe mɔ na Mawumavɔ̃la wòaɖu fia oeye be maɖe mɔ nɛ wòaɖo mɔ na ameawo o.
31“Tsɔe be ame aɖe gblɔ na Mawu be,‘Medze agɔ gake nyemagawɔe azɔ o.32Fia nu si nyemate ŋu akpɔ o lam,ne mewɔ nu gbegblẽ la, nyemagawɔe azɔ o.’33Ɖe Mawu aɖo eteƒe na wò le wò didi nu,esi nègbe be yematrɔ dzi me oa?Wòe wòle be nàɖo eŋu, menye nyee oeya ta gblɔ nu si nènya la nam.
34“Nugɔmeselawo gblɔe eye nunyalasiwo se nye nyawo la gblɔ nam be,35‘Hiob ƒoa nu nugɔmemasemasetɔeeye susu mele eƒe nyawo me o.’36O, ɖe woado Hiob akpɔ va se ɖe nuwuwu,be wòɖo nya ŋu abe ame vɔ̃ɖi ene la, ne anyo ŋutɔ!37Etsɔ aglãdzedze kpe ɖe eƒe nu vɔ̃ ŋuti,esia akpe fewuɖutɔe le mía domeeye wòle nyawo gblɔm fũu ɖe Mawu ŋu.”