1Ale ŋutsu etɔ̃ siawo dzudzɔ nyaŋuɖoɖo na Hiob, elabena enye ame dzɔdzɔe le eya ŋutɔ ŋkume.2Tete dzi ku Buzitɔ, Elihu, ame si nye Barakel ƒe vi, tso Ram ƒe ƒomea me vevie ɖe Hiob ŋu le esi wòbu eɖokui dzɔdzɔetɔe wu Mawu la ta.3Edo dziku ɖe exɔlɔ̃ etɔ̃awo hã ŋu elabena mɔ aɖeke meli si dzi woato abu fɔ Hiob o, gake wobu fɔe.4Azɔ la, Elihu lala be yeaƒo nu na Hiob elabena wotsi wui.5Gake esi wòkpɔ be nya aɖeke megale ame etɔ̃awo si o la, Elihu gado dziku ɖe edzi.6Ale Buzitɔ, Barakel ƒe vi Elihu gblɔ be,“Nyemetsi o, mienye xoxo nameya ta mevɔ̃ eye nyemete ŋudo dzi gblɔ nu si menya la na mi o.7Mebu be, ‘Tsitsi neƒo nueye ƒe geɖe nefia nunya.’8Gake gbɔgbɔ si le ame me,Ŋusẽkatãtɔ la ƒe gbɔgbɔe naa gɔmesesee.9Menye tsitsiawo koe nye nunyalawo oeye menye amegãxoxowo koe se nu si le dzɔdzɔe la gɔme o.10“Eya ta megblɔ be, Miɖo tom,nye hã magblɔ nu si menya la na mi.11Menɔ lalam esi mienɔ nu ƒom,meɖo to se miaƒe nyameɖeɖewokple ale si nya vɔ le mia sieye mienɔ nya si miagblɔ la dim.12Meɖo to mi nyuiegake mia dometɔ aɖeke mete ŋuɖee fia be Hiob dze agɔ oeye mia dometɔ aɖeke mete ŋuɖo eƒe nyahehewo ŋu o.13Migagblɔ be, ‘Míeke ɖe nunya ŋuti o,Mawu neɖe vodada nɛ, menye amegbetɔ o.’14Gake Hiob metsɔ nya ɖe ŋunye oeye nyematsɔ miaƒe nyahehewo aɖo nya ŋu nɛ o.15“Woƒe mo wɔ yaa,nya aɖeke megale wo si woagblɔ oeye gbɔgblɔ bu ɖe wo.16Ɖe magalala, esi wozi ɖoɖoeeye azɔ wotsi tsitre ɖe afi ma kpaɖiinya aɖeke ŋu maɖomaɖoea?17Nye hã magblɔ tɔnye sinua;nye hã magblɔ nu si menya18elabena nya le asinye fũu,eye nye gbɔgbɔ le dzinye zim.19Elabena le menye la,mele abe wain si le goe me wotu nu ɖe enu eneeye abe wainlãgbalẽgolo sile klalo na gbagbã ene.20Ele nam be maƒo nu ne makpɔ gbɔdzɔe,ele nam be make nye nu eye maɖo nya ŋu.21Nyemade ame aɖeke dzialo aflu ame aɖeke o22elabena ne mebi le amefuflu me la,nye Wɔla akplɔm dzoe kpuie.