Hiob30ewe_bib
1“Ke azɔ la, ame siwo menye xoxo na,ame siwo fofowo manyɔ ŋui be womade hakple nye lãkplɔvuwo gɔ̃ hã o la ɖua fewu le ŋutinye.2Nu ka woƒe alɔkpa sesẽ la wɔ nam,esi ŋusẽ vɔ le wo ŋu?3Hiã kple dɔwuame na wowɔ ɖeƒomevie hele tsatsamle dzogbe kple kuɖiɖinyigbawo dzi le zã me.4Le gbe me woda amagbewoeye woƒe nuɖuɖue nye dɔli ƒe ke.5Woɖe wo ɖa le wo nɔvi amegbetɔwo ƒe ha meeye wodo ɣli ɖe wo ta abe fiafitɔwo wonye ene.6Wozi wo dzi be woanɔ tɔʋu siwo mie la me,agakpewo tome kple do siwo woɖe ɖe anyigba la me.7Wole xɔxlɔ̃m le gbe meeye woƒo ta kpli ɖe avekawo te.8Wonya wo le anyigba la dzi abe ame ɖigbɔ̃wokple yakamewo ƒe dzidzimeviwo ene.9“Ke azɔ la, wo viŋutsuwo kpa ha dem,heɖu fewu le ŋunye le ha la meeye mezu lodonu le wo dome.10Wonyɔa ŋum, henɔa adzɔge nameye woɖea ta ɖe mo nam faa.11Esi azɔ Mawu lã nye datika, hewɔ fum la,wowɔa nu si dze wo ŋu la le ŋkunye me.12Wo detɔwo tso ɖe ŋutinye le nye ɖusime,woɖo mɔwo ɖi na nye afɔeye woƒu woƒe aʋakpowo ɖe ŋunye.13Wogbã nye mɔ, edze edzi na wo bewogblẽ donyeme eye ame aɖeke mekpe ɖe wo ŋu gɔ̃ hã o.14Wolũ ɖe dzinye abe gli gbagbã mee woto eneeye wozɔ to gbagbãƒewo va ƒo ɖe dzinye.15Ŋɔdzidodowo nye tsyɔ dzinye,wonya nye bubu ɖe nu abe ale si ya lɔa nu ɖe nue eneeye nye dedinɔnɔ bu abe lilikpo ene.16“Azɔ nye agbe nu va le yiyimeye hiãŋkekewo lém.17Zã ŋɔa nye ƒuwoeye nye vevesese manyagblɔ nu metsona o.18Mawu tsyɔ eƒe ŋusẽ triakɔ ladzinye abe avɔ ene, eyewòle awu ɖe ve nam.19Ekɔm ƒu gbe ɖe ba meeye mezu ke kple dzofi.20“O Mawu, mefa avi yɔ wò gake mètɔ nam o,metsi tsitre gake ɖeko nèkpɔm dũu.21Ètrɔ dze dzinye nublanuimakpɔmakpɔtɔeeye nètsɔ wò alɔkpa sesẽ ɖu dzinyee.22ȃom tsa, hena ya lɔm ɖe nueye nènyamam le ahom la me.23Menya be àhem ayi ku me,teƒe si woɖo ɖi na kodzogbeawo katã.24“Vavãe, ame aɖeke medoa asi ɖa léaame si gbã gudugudu ne ele ɣli dom bewoaxɔ na ye le eƒe xaxa me o.25Ɖe nyemefa avi ɖe ame siwo ɖo xaxa me la ŋu oa?Ɖe nye luʋɔ mexa nu ɖe ame dahewo ŋuti oa?26Gake esi mekpɔ mɔ na nyui la, vɔ̃ tum,esi mekpɔ mɔ na kekeli la, viviti koe va nam.27Dzoxɔxɔ si le edzi yim le menye la metɔna o,fukpekpeŋkekewo kpe akɔ kplim.28Nye amea menyɔ tsiɖitsiɖitsiɖi le yiyimgake menye ɣee ɖum o,metsi tsitre ɖe amehala titina hedo ɣli bia kpekpeɖeŋu.29Meva zu nɔviŋutsu na amegãxiwokple hati na golowo.30Nye ŋutigbalẽ nyɔ tsiɖitsiɖitsiɖi hele fofom le ŋutinyeeye asrã dze dzinye kple dzoxɔxɔ gã aɖe.31Nye kasaŋku do konyifagbeeye nye dze le avigbe dom.