Hiob29ewe_bib
1Hiob yi eƒe nuƒoƒo dzi be,2“O, ale si medi vevie be wòanɔ nam abeale si wònɔ le ɣleti siwo va yi me la ene,le ŋkeke siwo me Mawu kpɔ tanye,3esi eƒe akaɖi klẽ ɖe nye ta dzieye eƒe kekeli na mezɔ to blukɔ tsiɖitsiɖi me!4O, nenye ɖe wòanɔ nam abe nye lãmesẽŋkekewo me ene,esi kadodo kple Mawu kplikplikpli na wòyra nye aƒe,5esi Ŋusẽkatãtɔ la ganɔ kplim koeye vinyewo ƒo xlãm,6esi nye toƒe nye notsi kpeke ɖeɖeeye amitimi ɖuɖu bababa tso agakpe me nam.7“Ne meyi dua ƒe agbo nu,henɔ anyi ɖe zikpui dzi gli,le dua ƒe ablɔme la,8ɖekakpuiawo kpɔam,heƒoa asa nam eye ame tsitsiwo tsona ɖe tsitrenu,9dumegãwo tɔna ne wole nu ƒomhetsɔa asi ɖoa nu.10Gbɔgblɔ buna ɖe ame ŋkutawoeye woƒe aɖe léna ɖe woƒe nu me.11Ame sia ame si ɖo tom la kafuameye ame siwo kpɔm la ƒoa nu nyui tso ŋutinye12elabena mexɔna na hiãtɔ siwo le ɣli dom bewoakpe ɖe yewo ŋu kple tsyɔ̃evi si si kpeɖeŋutɔ mele o.13Ame si le kukum la ƒe yayra vaa dzinyeeye menana ahosi ƒe dzi kpɔa dzidzɔ.14Metsɔ dzɔdzɔenyenye do abe awu eneeye nuteƒewɔwɔ nye nye awu ʋlaya kple tablanu.15Menye ŋku na ŋkuagbãtɔkple afɔ na tekunɔ.16Menye tɔ na hiãtɔwoeye mexɔa nya ɖe amedzrowo nu.17Meŋea tsyo na ame vɔ̃ɖiwoeye meɖea nu si woda adzoe la le woƒe aɖutame.18“Mebu be, ‘Maku ɖe nye ŋutɔ nye aƒe me,nye ŋkekewo asɔ gbɔ abe ke ene.19Nye kewo aƒo ɖe to, ade tsi gbɔeye zãmu adza ɖe nye alɔwo dzi zã blibo la.20Nye ŋutikɔkɔe anɔ yeye zum ɣe sia ɣi le ŋunyeeye dati anɔ yeye ɖaa le asinyeme.’21“Amewo ɖoa tom henɔa nye asinu kpɔm,nɔa lalam na nye aɖaŋuɖoɖo le ɖoɖoezizi me.22Ne meƒo nu la, womegaƒoa nu oeye nye nyawo gena ɖe woƒe towo me bɔlɔɔ.23Wonɔa lalayem abe ale si wolalana na tsidzadza eneeye woxɔa nye nyawo dea wo ɖokui meabe ale si wonoa kelemetsi ene.24Womexɔnɛ sena ne meko nu na wo o,nye mo ƒe kekeli nye nu xɔasi na wo.25Metiaa mɔ si woato la na wo,menɔa wo dome abe woƒe tatɔ eneeye menɔa wo dome abe woƒe fia leeƒe aʋakɔwo dome ene.Menɔna abe ame si faa akɔ na konyifalawo ene.